Mose III 18
18
Ŋutsu kple nyɔnu domenyawo ŋuti se aɖewo
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Gblɔ na Israelviwo be: Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu. 3Miganɔ agbe abe ale si amewo nɔnɛ le Egipte-nyigba dzi, afi si mienɔ va yi la, ene loo, alo abe Kanaan-nyigba si dzi mekplɔ mi yinae la dzi tɔwo ene o. Migakpɔ woƒe nuwɔnawo wɔ o. 4Miwɔ nye sewo dzi eye mizɔ ɖe nye ɖoɖowo nu. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu. 5#Nex 9.29; Xez 18.9; 20.11-13; Luk 10.28; Rom 10.5; Gal 3.12. Eya ta milé nye sewo kple ɖoɖowo me ɖe asi. Ame si lé wo me ɖe asi la anɔ agbe. Nyee nye Aƒetɔ.
6“Mègadɔ kple wò ƒometɔ kekeake aɖeke o. Nyee nye Aƒetɔ. 7Mègadɔ kple nɔwò o. Ne èwɔ esia la èklo bubu le tɔ́wò ŋu vevie, eye èdo ŋukpe nɔwò hã. Medze be nàdo ŋukpe nɔwò si dzi wò la o. 8#Mos III, 20.11; Mos V, 22.30; 27.20. Mègadɔ kple tɔ́wò srɔ̃ o, elabe eƒe ama nye tɔ́wò tɔ. 9#Mos III, 20.17; Mos V, 27.22. Mègadɔ kple nɔviwò nyɔnu o. Nenye tɔ́ ɖeka viwo ko mienye alo nɔ ɖeka viwo ko mienye hã la, mègadɔ kplii o. Nenye teƒe ɖeka wodzi miɖo alo teƒe vovowo wodzi mi ɖo hã, mègadɔ kplii o. 10Mègadɔ kple viwò ŋutsu ƒe vi alo viwò nyɔnu ƒe vi o, elabe wò ŋutɔ wò ama me ye. 11Mègadɔ kple tɔ́wò srɔ̃ vinyɔnu si tɔ́wò dzi la o; eya hã nɔviwò nyɔnu ke ko wònye. 12#Mos III, 20.19, 20. Mègadɔ kple tasiwò o, elabe dɔ ɖeka me viwo eya kple tɔ́wò wonye. 13Mègadɔ kple nɔwò nɔvinyɔnu o, elabe dɔ ɖeka me viwo eya kple nɔwò nye. 14Mègadɔ kple tɔgãwò srɔ̃ alo tɔɖewò srɔ̃ o, elabe eya hã sɔ kple tasiwò. 15#Mos III, 20.12. Mègadɔ kple viwò ŋutsu srɔ̃ o, wò ŋutɔ viwò srɔ̃e; mègakpɔ eƒe ama me o. 16#Mos III, 20.21. Mègadɔ kple nɔviwò ŋutsu srɔ̃ o, elabe nɔviwò ŋutsu ƒe amae. 17#Mos III, 20.14; Mos V, 27.23. Ne wò kple nyɔnu aɖe miedɔ kpɔ la, mègadɔ kple via alo eƒe mamayɔvi o. Ne èdɔ kple wo dometɔ aɖe la, èwɔ busunu elabe ɖe sia ɖe zu wò ƒometɔ tututu. 18Ŋkeke ale si srɔ̃wò le agbe la, mèkpɔ mɔ aɖe nɔvia nyɔnu o, eye mègade asi eŋu hã o.
19 #
Mos III, 20.18. “Ne nyɔnu aɖe lé gbe la, mègadɔ kplii o, elabe eŋu mekɔ o. 20#Mos III, 20.10. Mègadɔ kple ame srɔ̃ o. Ne èwɔ nu ma la, èƒo ɖi ɖokuiwò le eta. 21#Mos III, 20.1-5. Mègatsɔ viwò aɖeke sa vɔ le dzo me na Molex ne nàto esia me, aƒo ɖi Mawu ŋkɔ o. Nyee nye Aƒetɔ. 22#Mos III, 20.13. Wò ŋutsu, mègadɔ kple ŋutsu o; ŋunyɔnue wònye. 23#Mos II, 22.19; Mos III, 20.15, 16; Mos V, 27.21. Mègadɔ kple lã aɖeke agblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò o; nenema ke nyɔnu aɖeke mekpɔ mɔ ana lã nayɔ asii o. Enye nu tovo wɔwɔ.
24“Migaƒo ɖi mia ɖokui kple nu sia ƒomevi aɖeke o. Elabe nuwɔna siawoe dukɔ siwo nyà ge mele ɖa le mia ŋgɔ le anyigba la dzi la tsɔ ƒo ɖi wo ɖokui. 25Woƒe agbenɔnɔ do gu anyigba la; eya ta mele to hem na anyigba la eye wòtru edzinɔlawo ƒu gbe. 26Ke miawo milé nye sewo kple ɖoɖowo me ɖe asi, eye migawɔ ŋunyɔnu siawo ƒe ɖeke o; aƒevi loo, alo amedzrovi si le mia dome la, megawɔe o. 27Elabe anyigbaa dzi nɔla siwo nɔ mia ŋgɔ la wɔ ŋunyɔnu siawo katã eye anyigba la gblẽ. 28Ne menye nenema o la, anyigba la atru mi akɔ ɖi, ne miedo gui abe ale si wòtru dukɔ siwo nɔ mia ŋgɔ la kɔ ɖi ene. 29Elabe ame sia ame si awɔ ŋunyɔnu siawo la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe dukɔ la me. 30Eya ta milé se si mede na mi la ɖe asi. Migawɔ kɔnu nyɔŋu siawo dometɔ aɖeke esi wowɔ le mia ŋgɔ la o, eye migatsɔ wo ƒo ɖi mia ɖokui o. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.”
اکنون انتخاب شده:
Mose III 18: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.