Mose III 16
16
Tsɔtsɔkeŋkeke gã la
1Aƒetɔ ƒo nu na Mose le Aron viŋutsu eveawo ƒe ku megbe, esi wote ɖe Aƒetɔ ŋu eye woku. 2#Heb 6.19. Egblɔ na Mose be: “Gblɔ na nɔviwò Aron be meganɔ tsotsom ko anɔ kɔkɔeƒe la yim le xɔmetsovɔ la godo ɣe sia ɣi o, elabe afi mae medzena le le alilikpo me le nubablaɖaka la ƒe nutunu la tame. Ne esẽ to la, aku. 3#Heb 9.7. Ne edi be yeava kɔkɔeƒea la, ele nɛ be wòakplɔ nyitsu sue ɖeka kple agbo ɖeka ɖe asi, nyitsua hena nuvɔ̃vɔsa eye agboa hena numemevɔsa. 4Ne egbɔna la, ele be wòale tsi, ado eƒe nunɔlawuwo siwo nye: awutewui ʋlaya, agbotɛ ɣi, alidziblanu ɣi kple tablanu ɣi. 5Israel-dukɔ nena gbɔ̃tsu eve kple agbo ɖekae. Netsɔ gbɔ̃tsuawo sa nuvɔ̃vɔ eye netsɔ agboa sa numemevɔ.
6“Aron netsɔ nyitsu la sa vɔe be wòaklɔ eya ŋutɔ kple eƒe aƒe ƒe nuvɔ̃ ɖa. 7Eyome nekplɔ gbɔ̃tsu eveawo yi Aƒetɔ ŋkume le godoƒegbadɔa nu. 8Nedzidze nu ɖe wo dzi tsɔ tia esi lanye Aƒetɔ tɔ kple esi layi na Azazel#16.8: AZAZEL: Ame aɖeke meganya nu si tututu woyɔna be “Azazel” o. Ame aɖewo be anya nye gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe si nɔa gbedadaƒo. Ame aɖewo hã be anya nye gbedadaƒo ƒe akpa aɖe ŋkɔ. 9Aron netsɔ gbɔ̃tsu si dzi nudzidze dze la na Aƒetɔ la sa nuvɔ̃vɔ, 10ke netsɔ gbɔ̃tsu si dzi Azazel ƒe nudzidze dze la va ɖo Aƒetɔ ŋkume agbagbee. Newɔ kɔnu tsɔ ɖe nuvɔ̃ kɔ ɖe edzi, eye nenyàe ɖo ɖe Azazel gbɔ le gbedadaƒo.
11“Na Aron nahe eƒe nuvɔ̃vɔsanyitsua vɛ eye wòalé avu na eya ŋutɔ kple eƒe aƒe eye wòawu eya ŋutɔ ƒe nyitsu la na eɖokui, 12netsɔ sonu ɖe dzoka xɔxɔ tso lifivɔsamlekpui dzi kɔ ɖe eme wòayɔe. Neku lifi memee, si wotsɔ atike ʋeʋẽe wɔ, asiʋlo eve kpe ɖe eŋu ava xɔmetsovɔ la godo. 13Nekɔ lifia ɖe dzoa me le Aƒetɔ ŋkume le afi ma, eye eƒe lifia ƒe dzudzɔ abla nutsyɔnu si le nubablaɖakaa nu la kɔtɔɔ ale be Aron mate ŋu akpɔe o, ne menye nenema o la, aku. 14Neku nyitsu la ƒe ʋu, eye nètsɔ asibidɛ hlẽe ɖe nutsyɔnua ƒe ŋgɔgbekpa ŋu. Negahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe nubablaɖakaa ŋgɔ hã zigbɔzi adrẽ.
15 #
Heb 9.12. “Eyome newù gbɔ̃tsu si wotsɔ vɛ be woatsɔ sa nuvɔ̃vɔ ɖe dukɔa ta. Neku eƒe ʋu va xɔmetsovɔ la godo, eye newɔ eƒe ʋu abe ale si wòwɔ nyitsu la ƒe ʋui ene; nehlẽe ɖe nutsyɔnu la dzi kple eŋgɔ. 16To esia wɔwɔ me la, alé avu le kɔkɔeƒe la kple Israelviwo ƒe makɔmakɔnyenye dome le woƒe dzidadawo kple nuvɔ̃wo katã ta. Nenemae wòawɔ na godoƒegbadɔ si le woƒe makɔmakɔnyenye dome hã. 17Ame aɖeke manɔ godoƒegbadɔ la me esime wòge ɖe eme be yealé avu le kɔkɔeƒe la o; va se ɖe esime wòlé avu na eɖokui, eƒe aƒe kple Israel ƒe aƒe blibo la hedo go hafi. 18Ekema nedo go yi vɔsamlekpui, si le Aƒetɔ ŋkume la gbɔ, alé avu nɛ. Netsɔ nyitsu la ƒe ʋu ƒe ɖe kple gbɔ̃tsu la ƒe ʋu ƒe ɖe sisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu godoo va kpe. 19Azɔ wòade asibidɛ ɖeka ʋua me ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu zi adrẽ. Ne ewɔ esia ko eklɔ Israelviwo ƒe makɔmakɔnyenyewo katã ɖa le eŋu, eye wòwɔe kɔkɔe.”
Nuvɔ̃gbɔ̃tsu la
20“Ne ewɔ kɔnu tsɔ kɔ kɔkɔeƒe la, godoƒegbadɔ la kple vɔsamlekpuia ŋu vɔ la, netsɔ gbɔ̃tsu gbagbe la vɛ. 21#Tob 8.3.Aron netsɔ eƒe asiwo kple eve ɖo gbɔ̃tsu gbagbe la ƒe tame, eye wòaʋu Israelviwo ƒe vodadawo, dzidadawo kple woƒe nuvɔ̃wo katã me kɔ ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi. Nena ame si le klalo la nakplɔ gbɔ̃a ayi gbedadaƒo ʋĩi, aɖanyàe de gbe le afi ma. 22Ekema gbɔ̃tsua ladro woƒe nuvɔ̃wo katã ɖe eɖokui dzi atsɔ ayi gbedadaƒo afi si ame aɖe ke mele o la, eye wòaɖe asi le gbɔ̃tsu la ŋu le afi ma.
23 #
Xez 44.19. “Azɔ Aron nayi godoƒegbadɔ la me, aɖe aklalawu siwo wòdo hafi yi kɔkɔeƒe la, eye wòagblẽ wo ɖe afi ma. 24Azɔ wòale tsi le teƒe kɔkɔe aɖe, eye wòado eƒe awuwo. Eyome wòado go aɖasa numemevɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃wo ɖeɖe ɖa kple ɖe dukɔa ƒe nuvɔ̃wo kɔklɔ ɖa ta, 25eye wòatɔ dzo nuvɔ̃vɔsalãa ƒe amiwo le vɔsamlekpui la dzi. 26Ele na ame si nyà Azazel ƒe gbɔ̃tsua ɖo ɖee le gbedadaƒo la be wòanya eƒe awuwo, ale tsi hã hafi atrɔ gbɔ va asaɖa la me. 27#Heb 13.11. Woakɔ nyitsu kple gbɔ̃tsu siwo wowu tsɔ sa nuvɔ̃vɔ la, eye wotsɔ woƒe ʋu ɖe nu vɔ ɖa le kɔkɔeƒe la ayi asaɖa la godo aɖatɔ dzo wo. Woatɔ dzo woƒe agbalẽwo, woƒe lã kpakple woƒe miwo siaa. 28Ele na ame si tɔ dzo wo la be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi hafi atrɔ gbɔ va asaɖa la me.”
Tsɔtsɔkeŋkeke gã la ɖuɖu
29 #
Mos III, 23.26-32; Mos IV, 29.7-11. “Se si gbɔna la nenye ɖoɖo na mi heyi ɖe mavɔ me. Eyae nye be: le ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ele na Israelviwo kple amedzro siwo le wo dome la siaa be miawɔ fu mia ɖokui, eye womawɔ dɔ aɖeke o. 30Elabe gbe ma gbee woalé avu na mi be woakɔ mia ŋu tso miaƒe nuvɔ̃wo katã me, eye mia ŋu nakɔ le Aƒetɔ ŋkume. 31Gbe ma gbe nenye dzudzɔgbe kɔkɔe vevi ŋutɔ na mi, ŋkeke si dzi miawɔ fu mia ɖokui, eye miawɔ dɔ aɖeke kura o. Ɖoɖo mavɔ wòanye na mi. 32Nunɔla si wosi ami na, heɖo nunɔlae ɖe tɔ́a yome lae awɔ avulélekɔnua, eye ele be wòado aklalawu kɔkɔeawo, 33eye wòalé avu na: Kɔkɔeƒe la, godoƒegbadɔ la kple vɔsamlekpui la, na nunɔlawo kple Israel-dukɔ la me tɔwo katã. 34Ele be woawɔ kɔnu sia zi ɖeka ƒè sia ƒè atsɔ klɔ Israelviwo ƒe nuvɔ̃wo katã ɖa. Milé ɖoɖo siawo me ɖe asi halase tegbee.” Ale Mose wɔ nu siwo katã Aƒetɔ gblɔ nɛ be wòawɔ la.
اکنون انتخاب شده:
Mose III 16: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.