Mose III 13
13
Ŋutigbalẽdɔwo ŋuti sewo
1Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be: 2“Ne nu tè ame aɖe alo wòdze abi alo nanewo kɔ ɖe eŋu abe anyidɔ ene la, ekema woakplɔe ava nunɔla Aron alo via ŋutsuawo, ame siwo hã nye nunɔlawo la, dometɔ ɖeka gbɔ. 3Nunɔla la nalé ŋku ɖe nu si do ɖe amea ŋu la ŋuti. Ne fu siwo le teƒea fu ɣie, eye wòwɔ abe ɖe teƒe la nyè ɖe eme ene la, anyidɔe. Ekema ele be nunɔla la natso nya me be amea ŋu mekɔ o. 4Gake ne teƒea fu kpii, menyé ɖe me o, eye fu siwo le afi ma mezu ɣie o la, nunɔla la neɖe amea ɖe aga kwasiɖa ɖeka. 5Le ŋkeke adrẽa gbe la, nunɔla la negalé ŋku ɖe eŋu nyuie kpɔ. Ne ekpɔ be abia gale abe ale si wònɔ tsã ene, eye mekeke ɖe edzi o la, negasa amea ɖe aga ŋkeke adrẽ. 6Nunɔla la negaɖe ŋku ɖe teƒea le ŋkeke adrẽa gbe. Ne ewɔ abe ɖe wòyrɔ, eye megakeke ɖe edzi o la, ekema netso nya me be abi ƒuƒlu ko nua nye, eya ta amea ŋu kɔ. 7Ke ne nunɔla la lé ŋku ɖe amea ŋu va yi, eye wòbui be eŋu kɔ, gake nua va kaka ɖe eŋu emegbe la, ele be woagakplɔ amea ayi nunɔla la gbɔ ake. 8Nunɔla la nagaɖe ŋku ɖee nyuie, eye ne ekpɔ be nua keke ɖe edzi vavã la, ekema netso nya me be anyidɔe eya ta amea zu ame makɔmakɔ.
9“Ne anyi ƒo ɖe ame aɖe ŋu la, ele be woakplɔe ava nunɔla gbɔe. 10Nunɔla la alé ŋku ɖe eŋu nyuie. Ne teƒea ɖo loholoho hefu kpii, fu siwo le afi ma kple exawo fu ɣie, eye ne woka asi teƒea wòsenɛ enumake la, 11ekema anyi xoxoe le eŋu, eye ele be nunɔla la nabui ame makɔmakɔe. Mehiã be wòagatui ɖe xɔ me o, elabe eŋu mekɔ o. 12Ne dɔlélea xɔ amea ƒe ŋuti katã tso tagbɔ va ɖo afɔgɔme la, 13nunɔla la negaɖe ŋku ɖee ake nyuie. Ne ekpɔ be dɔa xɔ ame bliboa ŋu, eye eŋu fu ɣie la, ekema netso nya me be amea ŋu kɔ. 14Gake ne teƒea trɔ zu abi la, ekema amea ŋu mekɔ o. 15Nunɔla la negalé ŋku ɖe abia ŋu nyuie, eye wòatso nya me be amea ŋu mekɔ o. Abiae nye dzesi be anyidɔ lém amea le, eya ta amea ŋu mekɔ o. 16Gake ne abia ku, eye eteƒe gafu kpii la, ekema amea neva nunɔla la gbɔ. 17Nunɔla la agaɖe ŋku ɖee, eye ne ekpɔ be teƒea fu kpii la, nunɔla la netso nya me be amea ŋu kɔ; ekema amea ŋu kɔ.
18“Ne aɖi tè ame aɖe va yi, eteƒe ku, 19gake emegbe ko teƒea galólo, wɔ kpii, alo fu gake gade biabiã ge hã la, ele be amea natsɔ teƒea yi ɖafia nunɔla. 20Nunɔla la neɖe ŋku ɖe teƒea. Ne edzé abe ɖe teƒea nyé ɖe me vie ene, eye fu siwo le afi ma la fu kpii la, ekema nunɔlaa netso nya me be amea ŋu mekɔ o, elabe anyidɔe va do ɖe aɖi si tee va yi la teƒe. 21Ke ne nunɔla lé ŋku ɖe teƒea ŋu, eye wòkpɔ be fu siwo le afi ma mefu kpii o, eye teƒea hã menyé ɖe me o, ke boŋ ezu vĩi la, ekema nunɔla la netu amea ɖe xɔ me ŋkeke adrẽ. 22Ne teƒea keke ɖe edzi la, ekema nunɔlaa netso nya me be anyidɔlélee, eye nebu amea ame makɔmakɔe. 23Ke ne teƒea metrɔ o, eye mekeke ɖe edzi hã o la, ekema aɖi la ƒe abiteƒe koe, eya ta nunɔla la netso nya me be amea ŋu kɔ.
24“Alo ne dzo fia ame aɖe, eye dzoteƒea fu kpii alo fu vie gake gawɔ dzĩe vie hã la, 25nunɔla la neɖe ŋku ɖe teƒea nyuie. Ne teƒea wɔ abe ɖe wònyé ɖe me vie ene, eye fu siwo le afi ma fu ɣie la, ekema anyidɔe do ɖe teƒea. Ele be nunɔla la natso nya me be amea ŋu mekɔ o. 26Ne fu siwo le teƒea mezu ɣie o, eye teƒea menyé ɖe me hã o, ke boŋ wòzu kpii la, nunɔlaa nesa amea ɖe aga ŋkeke adrẽ. 27Le ŋkeke adrẽlia gbe la, nunɔla la negaɖe ŋku ɖe teƒea kpɔ nyuie. Ne ekeke ɖe edzi la, ekema anyidɔe, eye ele be nunɔla la natso nya me be amea ŋu mekɔ o. 28Gake ne teƒea metrɔ o, mekeke ɖe dzi hã o, eye wòle kpii la, ekema dzobiteƒe ko wònye, eya ta ele be nunɔla la natso nya me be amea ŋu kɔ.”
29“Ne aklabi wɔ ɖe ŋutsu alo nyɔnu aɖe ƒe tame alo glãɖome la, 30nunɔla la nelé ŋku ɖe eŋu nyuie. Ne aklabia wɔ abe ɖe wònyé ɖe eme ene, eye fu siwo le eme la trɔ zu hẽe abe aŋuti ɖiɖi ene hele belibeli la, ekema anyidɔ ƒe dzesi wònye, eye ele be nunɔla la nabu amea ame makɔmakɔe. 31Ne nunɔla la lé ŋku ɖe teƒea ŋu, eye wòkpɔ be medze abe ɖe wònyé ɖe eme ene o, gake fu siwo le afi ma menyɔ o la, ekema ele be wòasa amea ɖe aga ŋkeke adrẽ. 32Le ŋkeke adrẽa gbe la, nunɔla negaɖe ŋku ɖe teƒea kpɔ. Ne mekeke ɖe edzi o, menyé ɖe eme hã o, eye fu siwo le afi ma metrɔ zu hẽe hã o la, 33ekema woana amea nalũ ta, gake woatso teƒea ɖi, eye nunɔla la nagasae ɖe aga ŋkeke adrẽ. 34Le ŋkeke adrẽa gbe la, nunɔla la negaɖe ŋku ɖe teƒea ake. Ne mekeke ɖe edzi o, eye mewɔ hã abe ɖe wònyé ɖe eme ene o la, ekema nunɔla la netso nya me be amea ŋu kɔ. Ekema amea nanya eƒe awuwo, eye eŋu kɔ. 35Ke ne nunɔla la tso nya me be eŋu kɔ, gake aklabi la va keke ɖe edzi emegbe la, 36ele be nunɔla la nagaɖe ŋku ɖe teƒea ake. Ne ekpɔ be aklabi la keke ɖe edzi la, mehiã be wòagakpɔ ɖa be ɖa alo fu siwo le afi ma la zu hẽe o; amea ŋu mekɔ o. 37Ke ne nunɔla la kpɔ be aklabia mekeke ɖe edzi o, eye fu yibɔwo li la, ekema aklabia ku, eye ele be nunɔla la nabu amea be eŋu kɔ.
38“Ne nu ɣi aɖewo ƒomevi do ɖe ŋutsu alo nyɔnu aɖe ŋu la, 39nunɔla naɖe ŋku ɖe wo kpɔ nyuie. Ne wole flukpee la, ekema dzi koe do ɖe amea ŋu; amea ŋu kɔ.
40“Ne ame aɖe ƒe ta kpã la, takpakpãtɔe, eŋu kɔ. 41Ne ame aɖe ƒe ta kpã le ŋgonu ɖeɖe, alo le ŋgonu kple megbe siaa hã la, eƒe ta kpã, gake eŋu kɔ. 42Gake ne dzi ƒomevi aɖe si fu kpii, eye wòwɔ abe ɖe wòbiã vie hã ene do ɖe ta kpakpã alo ŋgo kpakpã la dzi la, anyie do ɖe eŋu. 43Ekema nunɔla nelé ŋku ɖe eŋu kpɔ. Ne efu kpii, eye wòwɔ abe ɖe wòbiã vie ene le ta kpakpã alo ŋgo kpakpã la dzi la, 44anyie; nunɔla la netso nya me be anyie do ɖe tame nɛ eya ta enye ame makɔmakɔ; dɔ la do ɖe ta dzi nɛ.
45“Ne anyi do ɖe ame aɖe ŋu la, ele be wòanɔ nu vuvu me, agblẽ ɖa ɖi wòato, wòatsɔ nu abla ŋɔti kple nu, eye wòanɔ ɣli dom be: ‘Ŋunye mekɔ o loo! Ŋunye mekɔ o loo!’ 46Ŋkeke ale si anyia le eŋu ko la, enye ame makɔmakɔ; ele nɛ be wòanɔ asaɖa la godo, eye eya ɖeka naʋu ayi ɖanɔ afi ma.”
Se siwo ku ɖe anyidɔ ŋuti
47Ne anyidɔ le avɔ aɖe me, eɖanye lãfuwu alo aklalawu o, 48eɖanye avɔ alo nu si wotsɔ ɖeti alo lãfu wɔe o, eɖanye lãgbalẽ alo nu si wotsɔ lãgbalẽ wɔe o, 49ne dɔléle la ɖe gbemutsi alo tsi dzĩ ɖe nudodoa me, avɔ alo nu si wotsɔ ɖeti alo lãfu wɔe loo, alo lãgbalẽ kple nu si wotsɔ lãgbalẽ wɔe la me la, enye anyidɔ, eye woatsɔe afia nunɔla. 50Nunɔla la aɖe ŋku ɖe teƒe si dɔa ɖe tsi ɖo; eyome wòatsɔ nua adzra ɖo ɖe afi aɖe ŋkeke adrẽ. 51Le ŋkeke adrẽa gbe la, agaɖe ŋku ɖe teƒea nyuie. Ne ekpɔ be ekeke ɖe edzi le nudodoa, awu alo lãgbalẽ alo nu si wotsɔ lãgbalẽ wɔ la me la, ekema anyidɔ vɔ̃ɖie; nu la ŋu mekɔ o. 52Ele nɛ be wòatɔ dzo nudodo la, awu alo nu si wotsɔ lãfu alo ɖeti lɔ̃ alo nu sia nu si wotsɔ lãgbalẽ wɔ la, anyidɔ vɔ̃ɖie; woatɔ dzoe wòafiã.
53“Ke ne nunɔla lé ŋku ɖe eŋu, kpɔ be mekeke ɖe edzi le nudodo, awu, nulɔlɔ̃ alo nu si wotsɔ lãgbalẽ wɔe la me o la, 54ekema nunɔla la nade se be woanya nu si me dɔléle la le la, eye wòagadee xɔ ŋkeke adrẽ bubu. 55Nunɔla la naɖe ŋku ɖe avɔ si me dɔléle la le esi wonyae vɔ megbe. Ne teƒe si nua ɖi ɖo metrɔ o, eye mekeke ɖe edzi hã o la, nu makɔmakɔ wònye; ele be nàtɔ dzoe, ne anyidɔa ƒe ɖie lé ɖe emegbe alo eŋkume.
56“Gake ne le nua nyanya vɔ megbe, nunɔla la gaɖe ŋku ɖe teƒea ŋu, eye wòkpɔ be eli la, ekema nelã teƒea ɖa le awu alo lãgbalẽ, avɔ alo nulɔlɔ̃ la me. 57Azɔ ne dɔlélea gadze le nudodoa me, awu alo avɔ, nulɔlɔ̃ alo nu si wotsɔ lãgbalẽ wɔe me la, woatɔ dzo nu si me dɔlélea le la. 58Ke ne wonya awua, avɔa alo nulɔlɔ̃a alo nu si wotsɔ lãgbalẽ wɔe, eye nua do le eme la, ele be woaganyae zi evelia, ekema nua ŋu kɔ.”
59Esiae nye se le anyi, si ɖo awu si nye kuntru alo aklala, avɔ alo nulɔlɔ̃ alo nu sia nu si wotsɔ lãgbalẽ wɔe la ŋuti, ale si woabui be eŋu kɔ alo mekɔ o.
اکنون انتخاب شده:
Mose III 13: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.