رفتن به محتوا

Hiob ƒe Agbalẽ 8

8
Bildad ƒo nu
1Tete Suaxtɔ Bildad ɖo eŋu be:
2“Ɣe ka ɣi nàgblɔ nya siawo ase ɖo,
eye wò numenyawo anɔ abe ya sesẽ ene?
3Ðe Mawu trɔa gbo nya dzɔdzɔea?
Alo ɖe Ŋusẽkatãtɔ la trɔa nu dzɔdzɔe ta tunaa?
4Nenye nuvɔ̃e viwòwo wɔ ɖe Mawu ŋu la,
ekema eya ƒe to wòhe na wo.
5Ke wò la, ne èdi Mawu vevie,
eye nèƒo koko na Ŋusẽkatãtɔ la;
6ne èdza,
eye nèwɔ nu dzɔdzɔe la,
ekema akpɔ tawò,
agatrɔ ɖe ŋuwò kokoko,
eye wòagbugbɔ wò aɖo nɔƒe si dze na wò la.
7Togbɔ be wò gɔmedzedze le nyaŋui hã la,
eme ava nyo na wò ŋutɔ emegbe.”
8 # Sir 8.9. “Bia nu tso dzidzime
siwo nɔ anyi tsã la ŋu,
eye nàbu nu siwo ŋu
wo tɔgbuiwo ke ɖo la ŋu kpɔ!
9Àkpɔ be míawo la,
etsɔviwo ko míenye,
míenya naneke hã o,
míaƒe agbenɔɣi le anyigba dzi
le abe vɔvɔli ko ene.
10Màlɔ̃ woafia nu wò,
woaƒo nu na wò,
eye woaɖe woƒe nugɔmesese afia wò oa?”
11“Ðe aƒla ate ŋu wɔ
ɖe afi si sime mele oa?
Ðe ava ate ŋu tsi
le afi si menye tsiteƒe oa?
12Togbɔ be ele mumu,
eye meɖo sisi me o hã la,
etrea ƒuƒu na gbe bubuwo katã.
13Alea wònɔna na ame,
siwo katã ŋlɔ Mawu be la.
Ame mavɔ̃mawu ƒe mɔkpɔkpɔ abu.
14Eƒe dziɖoɖo ɖe nu ŋu
mele naneke me o.
Ðeko wòle abe yiyiɖɔ ene.
15Ne ame ziɔ ɖe eƒe aƒe,
si gɔ̃ hã le abe yiyiɖɔ ene ŋu la,
menɔa te o.
Ne eku ɖe eŋu la,
mate ŋu axɔ nɛ o.
16Nu dzea edzi na ame vɔ̃ɖi nyuie
abe ale si nuku wɔna vlɔvlɔvlɔ
le ɣetotoe nu ene;
abe nuku si ɖea ka
ɖe abɔ me ene.
17Edoa ke ɖe kpewo dzi,
eye wòwɔna ɖe kpeto me.
18Ke ne èɖee ɖa le enɔƒe la,
teƒe la sẽa nu be:
‘Nyemekpɔ wò kpɔ o.’
19Kpɔ ɖa, esiae nye dzidzɔ
si ame vɔ̃ɖi kpɔna;
ke ame bubu dzɔna ɖe eteƒe.”
20“Kpɔ ɖa, Mawu magbe ame maɖifɔ o,
eye makpe ɖe nuvɔ̃ɖi wɔlawo ŋu o.
21Agana nàko nu,
eye nàgatso aseye.
22Ŋu akpe wò futɔwo,
eye nuvɔ̃ɖi wɔlawo ƒe aƒe atsrɔ̃.”