Hiob ƒe Agbalẽ 9
9
Hiob ƒo nu
1 #
Hiob 4.17. Tete Hiob ɖo eŋu be:
2“Nyateƒe, menya be ele eme nenema,
gake ale ke gbetɔ ƒe nya adzɔ le Mawu gbɔe?
3Ne edi
be yeahe nya kplii,
eye wòbia biabia akpe ɖeka hã la,
mate ŋu aɖo ɖeka teti ŋu o.#9.3: Gɔmesese evee le kpukpui sia si: 1. Ne ame di be yeahe nya kple Mawu, eye ame bia biabia akpe gɔ̃ hã la, Mawu maɖo ɖeka pɛ gɔ̃ hã ŋu nɛ o; alo 2. Ne Mawu di be yeahe nya kple ame, eye Mawu bia biabia akpe gɔ̃ hã la, ame mate ŋu aɖo ɖeka pɛ hã ŋu na Mawu o.
4Enye nunyatɔ,
eye eƒe ŋusẽ tri akɔ.
Ame ka kpe akɔ kplii
gale dedie?
5Eya ame si mli towo ɖa,
womenya gɔ̃ hã o.
Etrɔ wo tsyɔ anyi kple dziku.
6Eʋuʋu anyigba le enɔƒe
ale eƒe sɔtiwo dzo kpèkpekpe.
7 #
Bar 3.34, 35. Eya ame si ɖe gbe na ɣe,
eye medze o.
Exe mɔ na ɣletiviwo,
womeklẽ o.
8Eya ɖeka koe keke dziŋgɔli me,
eye wòzɔ ƒu dzeagbo dzi.
9 #
Hiob 38.31; Amos 5.8. Eyae wɔ ɣletiviwo:
koklovinɔ, avu kple avutɔ,
atifieŋu kple anyigbeme ɣletiviwo.
10Ewɔa nu gã gã
siwo me womate ŋu adzro o,
eye wòwɔa nukunu
siwo mele xexlẽme o.
11Kpɔ ɖa, eva toa ŋunye,
nyemekpɔnɛ o.
Ezɔna yina,
nyemedzea sii o.
12Kpɔ ɖa, edua nu le ame si,
ame ka ate ŋu axe mɔ nɛ?
Ame kae abiae be:
‘Nu ka nye esi wɔm nèle?’ ”
13“Mawu ƒe dziku nu mefana o.
Raxab#9.13: RAXAB: Esia nye ƒumeʋɔdriba. ƒe kpeɖeŋutɔwo gɔ̃ hã
de ta agu nɛ.
14Ne ele alea ɖe,
ale ke nye sia, mate ŋu aɖo nya ŋu nɛ?
Nya ka makpɔ atsɔ ɖo nya ŋu nɛ?
15Togbɔ be tɔnye dzɔ hã,
nyemate ŋu aɖo nya ŋu nɛ o.
Kuku boŋ maɖe na ame si
tsɔ nya ɖe ŋunye,
be nekpɔ nublanui nam.
16Ne mesamae wòlɔ̃ va hã la,
nyemexɔe se be alé to
ɖe nye nya ŋu o.
17Ena ahom tugum,
eye wòna nye abiwo gasɔ gbɔ ɖe edzi;
evɔ nyemewɔ naneke hafi o.
18Ena gbɔgbɔtsixe tsi ƒonye;
nye amea meyɔ taŋ
kple vevesese.
19Le ŋusẽ me hã,
kpɔ ɖa, eya ko ye.
Ne enye ʋɔnu la,
ame ka ahem yii?
20Togbɔ be tɔnye dzɔ hã la,
nye ŋutɔ nye nu abu fɔm.
Mokaka mele ŋunye o baa;
ke aɖee fia be menye agɔdzela.
21Mokaka mele ŋunye o.
Nyemetsɔ ɖeke le nu si adzɔ
ɖe dzinye la me o.
Agbe tim.
22Nyemegatsɔ ɖeke le eme o.
Eya ta mebe:
‘Etsrɔ̃a ame maɖifɔ
kple ame vɔ̃ɖi siaa.’
23Ne dzɔgbevɔ̃e ɖi ɖe ame,
eye amewo le kukum la,
Mawu ɖea alɔ me le ame maɖifɔ
siwo le fu kpem la ŋu.
24Mawu tsɔ xexea me de asi
na vɔ̃wɔlawo,
eye wòtsyɔ nu mo na woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo.
Ne menye Mawue wɔe o ɖe,
ekema ame kae?”
25“Nye ŋkekewo le du dzi sesĩe
wu duƒula.
Wo nu va yi,
dzɔgbe nyui aɖeke makpɔe.
26Wosí va yi
abe aƒlaʋu ene,
abe ale si hɔ̃ si dea agba anyi
ƒoa nui la ene.
27Mawu, ne megblɔ be:
‘Maŋlɔ nye konyifafa be.
Madzudzɔ blanuiléle,
eye makpɔ dzidzɔ’ la,
28ekema nye fukpekpewo katã
gadoa vɔvɔ̃ nam wu,
elabe menya be mèle afia tso ge nam o.
29Wobu fɔm xoxo,
nu ka ƒe agbagba dzem mele dzodzro?
30Ne mele tsi zɔzrɔ̃e,
eye meklɔ asi kple adzalẽ gɔ̃ hã la,
31ànyrɔm ɖe ba me,
eye manyɔ ŋu na
nye awuwo gɔ̃ hã.
32Elabe menye amegbetɔ wònye abe nye ene,
ne maɖo eŋu nɛ be:
‘Va míyi ʋɔnu’ o.
33Avuléla aɖeke mele mía dome,
aɖo asi mí ame evea dzi o.
34Neɖe eƒe ameƒoti ɖa le ŋunye,
eye eƒe ŋɔdzi nagado vɔvɔ̃ nam o.
35Ekema maƒo nu vɔvɔ̃ manɔmee,
elabe menye nenemae mele o.”
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.