رفتن به محتوا

Hiob ƒe Agbalẽ 7

7
1“Ðe menye aʋa mee
amegbetɔ le le anyigba dzi oa?
Eƒe ŋkekewo mele abe
apaɖila tɔ ene oa?
2Egale abe ale si kluvi dia
vɔvɔli vevie,
eye apaɖila kpɔa mɔ
na eƒe fetu ene.
3Ale tso ɣleti yi ɣleti la,
hiãe nye tɔnye gome;
tso zã yi zã la,
fukpekpe dzi ko mele.
4Ne memlɔ anyi la,
mebiana be:
‘Ɣe ka ɣi gɔ̃ mafɔ?’
Ŋukeɣi metsɔna o;
memlina, trɔna gatrɔna ʋuu va se ɖe fɔŋli.
5Nye ŋutilã katã dze nyé, eye wòƒo ba.
Nye ŋutigbalẽ wó, hele tsi ɖim.
6Nye ŋkekewo ƒua du wu avɔlɔ̃ʋu;
wo nu yina mɔkpɔkpɔ manɔmee.”
7“O Mawu, ɖo ŋku edzi
be ƒuƒu koe nye nye agbe.
Nyemagatrɔ gbɔ, ava kpɔ nunyoname aɖeke kple ŋku o.
8Ŋku si le kpɔyem fifia la,
magakpɔm o.
Ànɔ kpɔyem alea, ko mavɔ ɖa.
9 # Nya 2.1-4. Ale si alilikpo kakana hebunae la,
nenemae ne gbetɔ yi tsiẽƒe la,
megagbɔna o.
10Megatrɔna vaa eƒeme o,
eye aƒea me tɔwo megadzea sii o.”
11“Eya ta nyemazi ɖoɖoe o.
Nye dzi gbã, gake maƒo nu.
Maɖe nye luʋɔ ƒe vevesese afia.
12Atsiaƒu menye alo ƒumelã dziŋɔe menye
hafi nèɖe dzɔlawo ɖe ŋunyea?
13Ne megblɔ be: ‘Nye aba afa akɔ nam,
eye nye dɔƒe aɖe nye nyawo dzi kpɔtɔ nam’ la,
14ekema ènana be mekua drɔ̃e vɔ̃wo,
eye mekpɔa ŋutega dziŋɔwo.
15Ne ɖe woalé vehlo nam be maku la,
anyo nam sãa wu
be mazu ƒu ɖeɖe alea.
16Agbe tim azɔ.
Nyemeva agbe nɔ ge tegbee o.
Ðe asi le ŋunye;
elabe nye ŋkekewo nye yagbɔgbɔ.
17 # Ps 8.4; 144.3. Nu kae nye gbetɔ
be nèbua eŋu vevie ale?
Nu ka ta wòle susu me na wò ale?
18Èléa ŋku ɖe eŋu ŋdi sia ŋdi,
eye nèdonɛ kpɔ aɖabaƒoƒo sia aɖabaƒoƒo.
19Màɖe kɔ ɖa le ŋunye vie,
ne mami ta teti oa?
20Wò amegbetɔwo ŋu dzɔla,
ne mewɔ nuvɔ̃ ɖe,
ɖe mewɔ nane wòa?
Nu ka ta nètsɔm ɖo nu dzidzea
na ɖokuiwò?
Nu ka ta meva zu agba nètsɔ?
21Nu ka ta màte ŋu tsɔ nye dzidadawo ake o?
Màte ŋu aŋe aɖaba ƒu
nye vodadawo dzi oa?
Elabe azɔ mele ke me mlɔ ge.
Àdim, ke nyemaganɔ anyi o.”