رفتن به محتوا

Hiob ƒe Agbalẽ 6

6
Hiob ƒo nu
1Tete Hiob ɖo eŋu be:
2“Ne ɖe woaƒo ƒu nye dzɔgbevɔ̃e kple dzikudodo
ada le nudanu me la,
3anye ne woakpe wu ƒutake gɔ̃;
eya tae mele nu ƒom kple adã alea.
4Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo ƒo ɖem,
nye gbɔgbɔ no woƒe aɖi;
Mawu tsɔ ŋɔdzidoname ho aʋa ɖe ŋunye.
5Ðe gbetedzi xlɔ̃na ne wòle gbe dama ɖuma?
Ðe nyi xlɔ̃na ne nuɖuɖu le egbɔa?
6Ðe woɖua nu vɔvɔ dzemadeea?
Alo ɖe azi ƒe ɣiƒe vivinaa?
7Wowɔ yaa ɖe nu me nam;
wole ŋu nyɔm nam.”
8“Ao, Mawu, màna nu si biam mele lam oa?
Nu ka ta màwɔ nye didi dzi nam oa?
9Ne ɖe wòadze Mawu ŋu
be wòagbãm gudugudu, atso
nye agbe ɖa la, anyo.
10Esia afa akɔ nam.
Ne mele veve helihelĩ sem gɔ̃ hã,
makpɔ dzidzɔ;
elabe nyemegbe nu le Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo gbɔ o.
11Ŋusẽ kae gale ŋunye,
manɔ lalam?
Nuwuwu kae le asinye,
magadi be manɔ agbe?
12Kpee wotsɔ memea?
Nye ŋutilã ɖe,
akɔbli yea?
13Nyateƒe, ŋusẽ vɔ le ŋunye keŋ,
eye xɔnametɔ meli nam o.”
14“Ame siwo gbe dɔmenyowɔwɔ na wo xɔlɔ̃ la,
gbe Ŋusẽkatãtɔ la hã vɔvɔ̃.
15Ke nɔvinyewo wɔ alakpanu
abe tsidzadza si xa ɖi ene;
wole abe ta siwo miena kaba,
ne tsi tsò teti ko la ene.
16Tsi babla na wo me nyɔ vĩ,
eye tsikpe ɣla ɖe wo me.
17ke ne dzoxɔxɔ ɖo wo me ko la,
womiena ƒiaƒiaƒia;
ne ŋdɔ ʋu ko la,
wobuna le wo teƒe keŋkeŋ.
18Kposɔhawo dze le woƒe mɔ dzi yi wo gbɔ,
ke ɖeko wotsrɔ̃.
19Tema-kposɔhawo le afi ma kpɔm,
eye Seba-mɔzɔhawo le ŋu ɖom ɖe wo ŋu.
20Woka ɖe edzi kplikpaa,
ke wobu mɔkpɔkpɔ;
Wova afi ma,
eye wotɔtɔ.
21Alea tututu miawo hã
mieva zu nam.
Miekpɔ be dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe dzinye,
eye vɔvɔ̃ ɖo mi.
22Ðe megblɔ be: ‘Mina nanem!’
alo be: ‘Mitsɔ miaƒe kesinɔnu
na zãnui ɖe nunye’ mahã?
23Alo ɖe mebe: ‘Miɖem tso ketɔ si me,’
alo ‘Mixɔm le ŋutasẽla si me’ mahã?”
24“Enyo, mazi kpoo,
ne miafia num.
Miɖe nu si me metra le la me nam,
ne manya.
25Nyateƒenyawo wɔa dɔ ŋusẽtɔe!
Ke nu ka le miaƒe nya si hem miele
ɖe ŋunye la me?
26Ðe miebu be yewoaɖe vodada nam
abe nya gbɔlo koe
le wɔnavɔleŋutɔ ƒe nu me tsom enea?
27Miedi gɔ̃ hã be miadzidze nu
ɖe tsyɔ̃eviwo dzi,
eye miele asi dom ɖa ɖe mia xɔlɔ̃ gɔ̃ hã ŋu.”
28“Ke azɔ milɔ̃ miakpɔ ŋkunye me.
Nyemaka aʋatso na mi o.
29Taflatsɛ, mitrɔ kpɔm dzro;
alakpa meganɔ eme o.
Mitrɔ ne miase,
nye nya dzɔdzɔe la!
30Aɖeveetɔ menyea?
Ðe nyemele dzɔgbevɔ̃e gã,
si va dzinye la kpɔm oa?