رفتن به محتوا

Hiob ƒe Agbalẽ 5

5
1“Hiob, yɔ ame kpɔ!
Ðe ame aɖe atɔ na wòa?
Kɔkɔetɔwo dometɔ ka ŋu
nàtrɔ ɖo wòaxɔ na wò?
2Nyateƒee, dzikudodo wua bometsila,
eye ŋuʋaʋã wua abunɛtɔ.
3Mekpɔ bometsila aɖe
le kè ƒom ɖe to;
ke meƒo fi de enɔƒe enumake.
4Viawo mele dedie kura o;
wowɔa funyafunya wo le dutakpeƒe,
eye xɔnametɔ aɖeke meli na wo o.
5Dɔwuitɔwo ɖua eƒe agblemenukuwo;
woɖea wo tso ŋuwo me ke gɔ̃ hã,
eye tsikɔwuiawo haa eƒe kesinɔnuwo.
6Fukpekpe memiena
tso ke me o,
eye fuɖename medona
tso anyigba me o.
7Ke boŋ fu mee wodzi gbetɔ ɖo,
abe ale si dzoxi dzona yia dzi ene.”
8“Nenye nyee la,
ɖe matrɔ ɖe Mawu ŋu
aɖe nye nyawo nɛ.
9 # Sir 43.32. Ame si wɔa nu dzɔtsu siwo me
ame mate ŋu adzro o,
eye eƒe nukunuwo
mele xexlẽme o.
10Enana be tsi dzana ɖe anyigba dzi,
eye wòɖoa tsi ɖe agblewo me.
11Ekɔa ɖokuibɔbɔlawo ɖe dzi,
eye wòfaa akɔ na konyifalawo.
12 # Kor I, 3.19. Egblẽa ayetɔwo ƒe nugbeɖoɖo me,
be womakpɔ ta nɛ o.
13Eléa nunyalawo
ne wole woƒe ayemenu wɔm,
eye wòtsia ayedzelawo
ƒe ɖoɖo vɔ̃wo nu alɔtsɔtsɔe.
14Viviti dona ɖe wo le ŋkeke me,
eye wotsaa asi ya me ŋdɔkutsu
abe zã me wole ene.
15Ke eɖea tsyɔ̃eviwo tso woƒe nu me
kple hiãtɔwo tso ŋusẽtɔ si me.
16Ale mɔkpɔkpɔ li na ame gblɔe,
eye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe nu ku.”
17 # Lod 3.11, 12; Heb 12.5, 6. “Kpɔ ɖa, woyra ame si Mawu hea to na;
eya ta mègado vlo Ŋusẽkatãtɔ la
ƒe amehehe o.
18 # Hos 6.1. Elabe edea abi ame ŋu,
ke eblanɛ nɛ.
Eƒoa ame kple asi;
ke asia kee yɔa dɔ.
19Aɖe wò le fukpekpe me
zigbɔzi ade sɔŋ,
eye adrẽlia me hã,
nu vevi aɖeke mawɔ wò o.
20Ne dɔ to la, aɖe wò tso ku si me.
Ne aʋa dzɔ la, aɖe wò le yi ƒe ŋusẽ nu.
21Mana woagblɔ nya
aƒo ɖi wò o.
Ne nu le gbegblẽm la,
màvɔ̃ o.
22Àko tsɔtsrɔ̃ kple dɔwuame,
eye màvɔ̃ lã wɔadãwo o.
23Kpewo manɔ wò agble me o,
eye lã wɔadãwo adze xɔlɔ̃ wò.
24Ekema ànɔ wò agbadɔ me
aɖe dzi ɖi;
ne èxlẽ wò alẽwo la,
wo katã anɔ dedie.
25Viwòwo hã asɔ gbɔ fũu;
woanɔ abe gbe siwo le wɔwɔm
le afi sia afi ene.
26Àtsi ŋutɔ hafi ayi yɔ me,
abe ale si lu tsina
woblana vaa aƒee le nuŋeɣi ene.
27Kpɔ ɖa, Hiob, ɖe míelé ŋku ɖe nu sia ŋu
tsitotsito kpɔ be ele eme nyateƒe.
See, eye nànyae
le wò nyonyo ta.”
ta.”