رفتن به محتوا

Hiob ƒe Agbalẽ 4

4
Dzeɖoɖo gbãtɔ
4.1—14.22
Elifaz ƒo nu
1Azɔ Elifaz, Temantɔ la gblɔ be:
2“Ne ame aɖe ƒo nu ɖe,
aku dzi na wòa?
Evɔ ɖe, ame ka ate ŋu azi kpi?
3Kpɔ ɖa, èfia nu ame geɖe,
eye nèdo ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo.
4Wò nya léa anyidzela ɖe te,
eye nèdo ŋusẽ klo beliwo.
5Ke azɔ la, edzɔ ɖe wò ŋutɔ dzi,
eye nètsi dzi!
Elɔ́ wò ŋutɔ,
eye wòwɔ mo yaa na wò.
6Ðe menye wò Mawu-vɔvɔ̃ lae
nye dzideƒo na wò oa?
Ðe menye wò agbenɔnɔ fɔmaɖitɔe lae
nye wò mɔkpɔkpɔ oa?
7“Bu eŋu kpɔ!
Ðe fɔmaɖila aɖe tsrɔ̃ kpɔa?
Afi ka wotsrɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔla le kpɔ?
8Nyea mekpɔ
be ame siwo dea nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe agble,
eye woƒãa fuɖename la,
eya kee woŋena.
9Mawu ƒe ƒuƒu tsrɔ̃a wo,
eye eƒe dziku ƒe yaƒoƒo naa wo nu yina.
10Dzata le gbe ɖem,
eye wòle gbe tem;
ke woŋe aɖu le nu me na dzataviawo.
11Dzata sesẽ mekpɔ nu alé aɖu o,
eku,
eye dzatanɔ ƒe viwo
ka hlẽ.
12“Azɔ wofi tofi nam,
nye to se dalĩdodoa.
13 # Hiob 33.15. Le zã me ŋutega ƒe ŋugblededewo me,
esime amewo yi alɔ̃ me ʋĩi,
14nye lã me ble fu, dzidzi ƒom,
eye medzo nyànyanya.
15Gbɔgbɔ aɖe ƒo ya to ŋkume nam,
eye nye ŋutifu ɖo to.
16Etsi tsitre ɖe ŋkunye me;
ke nyemenya nu si wònye o,
Ðoɖoe zi toŋ.
Tete gbe aɖe ɖi be:
17‘Ðe gbetɔ si kuna la ate ŋu anye
dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkumea?
Ɖe gbetɔ anye ame dzadzɛ
le eƒe Wɔla gbɔa?
18Kpɔ ɖa, Mawu meɖoa dzi ɖe
eƒe dɔlawo gɔ̃ hã ŋu o.
Eɖea vodada na mawudɔlawo ke hã.
19Ale ke wɔ wòaɖo dzi
ɖe gbetɔ siwo wowɔ kple tsu ŋu;
ame siwo dzɔ tso ʋuʋudedi me,
eye ne wote afɔ ɖe wo dzi la,
wogbãna abe agbagblaʋui ene laa?
20Gbetɔ nɔa agbe le ŋdi me,
kaka fiẽ naɖo la, megali o.
Ebuna nigbii,
eye womegadzea sii o.
21Ne wotso woƒe agbadɔka ɖa la,
ɖe womekuna le numanyamanya me oa?’ ”