Mose I 1

1
Xexemewɔwɔ ƒe ŋutinya
1Le gɔmedzedzea me, Mawu wɔ dziƒo kple anyigba. 2Anyigba nɔ nyama, nɔnɔme menɔe nɛ o; edzi ɖi gbɔlo, eye viviti do ɖe aʋli gã la dzi. Mawu ƒe gbɔgbɔ nɔ agba sam le tsi gbana la dzi.
3 # Mak II, 7.28; Kor II, 4.6. Mawu gblɔ be: “Kekeli nedo!”, eye kekeli do. 4Mawu kpɔ be kekelia nyo, eye wòma kekeli kple viviti la dome. 5Mawu yɔ kekelia be Ŋkeke, eye wòyɔ viviti la be Zã. Zã do, eye ŋu ke; eyae nye ŋkeke gbãtɔ.
6 # Pet II, 3.5. Mawu gblɔ be: “Dziŋgɔli nedo ɖe tsia titina ne wòama tsia me, atso wo dome, eye wòva eme.” 7Mawu wɔ dziŋgɔli la, eye wòma tsi si le dziŋgɔlia kple esi le etame la dome. 8Mawu yɔ dziŋgɔlia be Dziƒo. Zã do, eye ŋu ke; eyae nye ŋkeke evelia.
9Mawu gblɔ be: “Tsi si le dziƒoa te la neƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka ale be ƒuƒuiƒe nadze!” Esia va eme. 10Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be Anyigba, ke tsi si ƒo ƒu la, eyɔe be Atsiaƒu. Mawu kpɔ be enyo. 11Mawu gblɔ be: “Anyigba nemie nu miemie vovovowo: gbe siwo tsea ku kple ati tseku hamehame siwo ƒe kuwo nɔa tsetsea me la, ɖe sia ɖe kple etɔ le anyigba dzi”, eye wòva eme nenema. 12Anyigba mie gbe fɛ̃wo: nu miemie siwo doa ku vovovowo tɔgbe kple ati siwo ƒe tsetsea me ku le wotɔxɛwotɔxɛe, eye Mawu kpɔ be enyo. 13Ale zã do, eye ŋu ke; eyae nye ŋkeke etɔ̃lia.
14Azɔ Mawu gblɔ be: “Nu keklẽwo nedo ɖe dziŋgɔlia ŋu le dziƒo ne woade vovototo ŋkeke kple zã dome. Woanye dzesiwo, eye woafia ɣeyiɣiwo, ŋkekewo kple ƒwo. 15Woanye nu keklẽwo le dziŋgɔlia ŋu be woana kekeli anyigba. Esia va eme. 16Ale Mawu wɔ nu keklẽ gã eve. Ewɔ lolotɔ be eya naɖu ŋkeke dzi, eye wòwɔ suetɔ be wòaɖu zã dzi. Ewɔ ɣletiviwo hã. 17Mawu tsɔ wo ɖo dziŋgɔlia ŋu be woaklẽ ɖe anyigba dzi; 18woaɖu ŋkeke kple zã dzi, eye woama kekeli kple viviti dome. Mawu kpɔ be enyo. 19Zã do, eye ŋu ke; eyae nye ŋkeke enelia.
20Azɔ Mawu gblɔ be: “Tsia nedzi nu gbagbewo fũu, eye xewo nedzo le anyigba ƒe ya me to dziŋgɔli la ŋkume. 21Ale Mawu wɔ ƒumelã dziŋɔ lolowo kple nu gbagbe siwo katã tana, eye woʋãna le tsi me hamehame kpakple xe dzodzoewo katã. Mawu kpɔ be esia nyo. 22Tete Mawu yra wo gblɔ be: “Ƒumelãwo nedzi, wonesɔ gbɔ, woneyɔ atsiaƒu la. Xewo nedzi asɔ gbɔ ɖe anyigba dzi!” 23Zã do, eye ŋu ke; eyae nye ŋkeke atɔ̃lia.
24Azɔ Mawu gblɔ be: “Lãwo nedo hamehame tso anyigba me: aƒemelãwo, nu tatawo kple gbemelãwo.” 25Ale Mawu wɔ gbemelãwo, aƒemelãwo kple lã siwo katã tana le anyigba wotɔxɛwotɔxɛe. Mawu kpɔ be enyo.
26 # Nya 2.23; Sir 17.3, 4; Kor I, 11.7. Emegbe Mawu gblɔ be: “Mina ne míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, eye wòaɖi mí, ne wòaɖu ƒumelãwo, xe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo kpakple lã siwo katã tana le anyigba la dzi.” 27#Mos I, 5.1, 2.#Mat 19.4; Mar 10.6. Ale Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme. Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo. Ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ. 28Mawu yra wo. Egblɔ na wo be: “Midzi ne miasɔ gbɔ ayɔ anyigba la dzi, eye miakpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Miɖu ƒumelãwo kple xe dzodzoewo kpakple lã siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi.” 29Mawu yi edzi gblɔ be: “Kpɔ ɖa, metsɔ nu miemie siwo doa ku le anyigba blibo la dzi kple ati siwo katã tsea ku la na mi, ne woanye miaƒe nuɖuɖu. 30Ke gbewo kple amagbewo katã nanye nuɖuɖu na anyigba dzi lãwo, xe dzodzoewo kple nu gbagbe siwo katã tana le anyigba la.” Ale wòva eme nenema. 31Tete Mawu kpɔ nu siwo katã wòwɔ la, eye wòkpɔ be wonyo ŋutɔ. Zã do, eye ŋu ke; eyae nye ŋkeke adelia.

اکنون انتخاب شده:

Mose I 1: EB14

های‌لایت

به اشتراک گذاشتن

کپی

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید

YouVersion از کوکی ها برای شخصی سازی تجربه شما استفاده می کند. با استفاده از وب سایت ما، استفاده ما از کوکی ها را همانطور که در خط مشی رازداریتوضیح داده شده است، می پذیرید