Galatiatɔwo 5:19-21

Galatiatɔwo 5:19-21 EB14

Azɔ la, dɔ siwo amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme wɔna la dzena ƒãa. Esiawo nye: matrewɔwɔ, nu makɔmakɔ wɔwɔ, hadzedze, trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ɖokuitɔdidi, amedomemama, ŋuiɖoɖo ame nɔewo, dɔmevevi, ahamumu, aglotutu kple nu siwo ɖi esiawo tɔgbe wɔwɔ. Megale egblɔm na mi da ɖi, abe ale si megblɔe na mi da ɖi tsã la ene, be ame siwo wɔa nu siawo tɔgbe la, manyi mawufiaɖuƒe la dome akpɔ o.