Mose II 2
2
Mose dzidzi
1Eva eme be ŋutsu aɖe tso Levi-to la me ɖaɖe Levi-nyɔnu aɖe. 2#Dɔw 7.20; Heb 11.23. Nyɔnua fɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi. Ekpɔ be ɖevia dze ɖeka ŋutɔ. Ale wòɣlae ɣleti etɔ̃ sɔŋ. 3Esi megate ŋu le ɖevia ɣlam o la, edi kusi si wolɔ̃ kple aɖa eye wotree kple aŋɔ la, tsɔ ɖevi la de eme, eye wòtsɔe yi ɖada ɖe aƒlawo dome le tɔsisia to. 4Ɖevia nɔvinyɔnu bè ɖe adzɔge be yeakpɔ ɖa be nu kae adzɔ ɖe edzi mahã. 5Egipte Fiagã vinyɔnu va tsi le ge le tɔsisia me. Enɔ tsia lem eye eƒe subɔlawo nɔ tsa ɖim le tɔa to. Kasia eƒe ŋku kle kusia le aƒlaawo me ɖaa, eye wòna eƒe dɔlanyɔnu yi ɖatsɔe vɛ. 6Esi wòʋui la, ekpɔ vidzĩ le eme. Ŋutsuvi ye; enɔ avi fam. Eƒe nu wɔ nublanui nɛ eye wògblɔ be: “Hebritɔwo ƒe viwo dometɔ ɖekae nye esia.”
7Tete nɔvia nyɔnu la te va. Ebia fiavinyɔnua be: “Mayi ɖadi Hebri-nyɔnu vi nɔ aɖe vɛ, ne wòana no ɖevia na wòa?”
8Egipte Fiagã vinyɔnua ɖo eŋu be: “Yi.” Nyɔnuvia yi ɖayɔ vidzĩ la dada vɛ. 9Fiavinyɔnua gblɔ nɛ be: “Xɔ ɖevi sia nàna noe nam. Maxe fe na wò.” Nyɔnua kɔ vidzĩa dzoe, eye 10#Dɔw 7.21. wòɖakpɔ edzi. Esi ɖevia tsi la, ekplɔe vɛ na Egipte Fiagã vinyɔnu la. Exɔe wɔ viae, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Mose hegblɔ be: “Elabe tɔ mee meɖee tsoe.#2.10: Ŋkɔ “Mose” ɖi Hebri-gbe me nya aɖe si gɔme nye “he do go tso tɔsisi me.”
Mose sí yi Midian-nyigba dzi
11 #
Dɔw 7.23-28. #
Heb 11.24. Esi Mose va tsi la, eɖi tsa yi nɔvia Hebritɔwo gbɔ gbe ɖeka, eye wòkpɔ wo wole woƒe dzizizidɔawo wɔm. Tete wòkpɔ Egiptetɔ aɖe wòle Hebritɔ aɖe ƒom. 12Mose tsa ŋku, tsa ŋku, eye esi mekpɔ ame aɖeke o la, eƒo Egiptetɔ la wu, eye wòlɔ ke ƒo ɖe edzi. 13Evea gbe la, Mose gayi nɔviawo gbɔ. Kasia Hebritɔ evee nye esiwo le avu wɔm. Ebia ame si tɔ medzɔ o la be: “Nu ka ŋuti nèle nɔviwò ƒom?”
14Eɖo eŋu na Mose be: “Ame kae ɖo wò amegã kple ʋɔnudrɔ̃la ɖe mía nu? Ɖe nèbe yeawu nye hã abe ale si nèwu Egiptetɔ ma enea?” Mose gblɔ be: “Nya la ɖi; amewo see!” Ale vɔvɔ̃ ɖoe. 15#Dɔw 7.29; Heb 11.27. Esi Egipte Fiagã va se nyaa la, edi Mose be yeawu.
Tete Mose sí le enu yi Midian-nyigba dzi. Eɖanɔ vudo aɖe to. 16Midian nunɔla vinyɔnu adrẽ wova tsi du ge akɔ ɖe lãwo ƒe tsinonuwo me na wo tɔ́ ƒe lãwo. 17Lãkplɔla aɖewo va nyà wo ɖa. Mose tso ʋli wo ta eye wòku tsi na wo tɔ́ ƒe lãawo wono.#2.17: Alẽwo kple gbɔ̃wo siaa kplɔm ameawo nɔ. 18Esi wotrɔ yi aƒeme la, wo tɔ́ si ŋkɔe nye Reguel la, bia wo be: “Ale ke wɔ miegbɔ kaba egbe ya ale?”#2.18: Mose to ŋkɔe nye “Reguel.” Eŋkɔ bubu hãe nye “Yetro.” Ŋkɔ evelia sia boŋ ye woyɔna nɛ zi geɖe wu. 19Woɖo eŋu be: “Egipte-ŋutsu aɖee ʋli mía ta le lãkplɔlawo gbɔ, eye wòdu tsi na míaƒe alẽwo wono gɔ̃ hã.” 20Ebia via nyɔnuawo be: “Ŋutsua ɖe? Ale ke wɔ miegblẽe ɖe afi ma? Miyi ɖayɔe ne wòava ɖu nu.” 21Mose lɔ̃ be yeatsi ŋutsua gbɔ koŋ, eye ŋutsua tsɔ via nyɔnu Zipora nɛ wòɖe. 22Zipora dzi viŋutsuvi nɛ. Mose na ŋkɔe be Gersom hegblɔ be: “Amedzro menye le dzronyigba dzi”#2.22: GERSOM: Le Hebri-gbe me la, “Gersom” gɔme nye amedzro si ʋu va tsi anyigba aɖe dzi.
23Le ƒè geɖee megbe la, Egipte-fia va ku. Israelviwo nɔ ŋèŋem le woƒe kluvikɔkuti sesẽ la te. Wodo ɣli, eye Mawu se woƒe ɣlidodo la. 24#Mos I, 15.13, 14. Mawu se woƒe ŋèŋe eye wòɖo ŋku nu, si wòbla kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi. 25Mawu trɔ kɔ kpɔ Israelviwo eye wònya nu si nɔ dzɔdzɔm ɖe wo dzi.
اکنون انتخاب شده:
Mose II 2: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.