Mose II 10:21-23

Mose II 10:21-23 EB14

Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Do asi ɖe dziƒo ne viviti tsiɖitsiɖi si anyɔ abe ɖe woate ŋu ali asi eŋu ene la nado ɖe Egipte-nyigba dzi.” Mose do asi ɖe dzi. Tete viviti tsiɖitsiɖi do ɖe anyigba blibo la dzi. Edo nenema ŋkeke etɔ̃. Ame aɖeke megatea ŋu kpɔa ehavi o, eye ame aɖeke megatea ŋu dona le enɔƒe hã o. Ke Israelviwo gbɔ ya la, kekeli nɔe.