Esta G 8
8
Wona be Yudatɔwo naʋli wo ɖokui ta
1 Gbe ma gbe ke la, Artaxerxes tsɔ Haman, ameyometila la ƒe nunɔamesiwo katã na Esta. Fia la yɔ Mardoxai be neva elabe Esta gblɔ nɛ xoxo be ƒometɔwo yewonye. 2 Fia la tsɔ ŋkɔsigɛ si wòxɔ le Haman si la de asi na Mardoxai, eye Esta tsɔ Mardoxai ɖo Haman ƒe nuwo katã nu.
3 Tete Esta gaƒo nu na fia la ake, hebɔbɔ ɖe eƒe afɔ nu. Egblɔ nɛ be wòaɖe asi le nuvɔ̃ɖi siwo katã Haman ɖo ɖe Yudatɔwo ŋuti la ŋu. 4 Fia la do eƒe sikatikplɔ la ɖe Esta, eye wòtso tsi tsitre ɖe fia la ŋgɔ. 5 Esta gblɔ be: “Ne edze ŋuwò la, na woaɖe gbe be woate fli ɖe agbalẽ siwo katã Haman ŋlɔ ɖo ɖa be woatsrɔ̃ Yudatɔwo le wò fiaɖuƒea me la me. 6 Ale ke mate ŋu akpɔ nye dukɔ ƒe tsɔtsrɔ̃e? Ale ke mate ŋu anɔ dedie, ne wotsrɔ̃ tɔgbuinyewo ƒe dukɔ la? 7 Fia la gblɔ na Esta be: “Azɔ esi metsɔ Haman ƒe nuwo katã na wò, eye mede ka ve nɛ ɖe ati ŋu ɖe, ale si wòtsi tre ɖe Yudatɔwo ŋuti ta vɔ la, nu kae ganye wò biabia? 8#Dan 6.8.8 Nu si nèkpɔ be eyae nye nyuitɔ wu la, ŋlɔe le nye ŋkɔ me, eye nàde asi ete kple nye ŋkɔsigɛ elabe nu sia nu si woŋlɔ le fia ƒe ŋusẽ me, eye wode asi ete kple nye asigɛ la, womate ŋu ada le edzi o.”
9 Woyɔ agbalẽŋlɔlawo le dzinu gbãtɔ Nisan ƒe ŋkeke bla eve vɔ etɔ̃lia dzi, le ƒè ma me ke, eye woŋlɔ gbedeasi siwo katã wòna wo, siwo ku ɖe Yudatɔwo ŋu la ɖo ɖe dudɔnunɔlawo kple nutomedzikpɔlawo, tso India yi Etiopia; wole alafa ɖeka bla eve vɔ adrẽ, nutome ɖe sia ɖe ɖe eya ŋutɔ ƒe gbegbɔgblɔ me. 10 Woŋlɔ gbedeasi sia le fia ƒe ŋusẽ me, de asi ete kple eƒe ŋkɔsigɛ, eye woɖoe ɖa to duxɔlawo dzi. 11 Eɖe gbe na Yudatɔwo be woawɔ ɖe woawo ŋutɔ ƒe sewo dzi, aʋli wo ɖokui ta, eye woawɔ ale si wodi ɖe woƒe ketɔwo kple woƒe futɔwo ŋuti. 12 Woawɔ esia le ŋkeke aɖe dzi, le dzinu wui evelia Adar ƒe ŋkeke wui enelia dzi le Artaxerxes ƒe fiaɖuƒe la katã me.
KPEKPEƉEŊU E
Artaxerxes ƒe sedede
13 Agbalẽ si woŋlɔ la ƒe gbugbɔŋlɔ aɖee nye esi gbɔna:” 14 Tso Fiagã Artaxerxes, gbɔ na nutomewo dziɖulawo tso India yi Etiopia, nutome alafa ɖeka bla eve vɔ adrẽawo, kple na nuteƒewɔlawo na míaƒe dziɖuɖua, míedo gbe na mi.”
15 “Ame geɖewo li, siwo zi ale si woƒe dɔmenyowɔlawo de bubu wo ŋu eye wona nu geɖe woamawo kple dɔme faa la, zi nenema kee wodoa wo ɖokui ɖe dzii. 16 Menye ɖe womedina be yewoawɔ nu vevi mía teviwo o; ke boŋ womete ŋu nɔa te le ame bubuwo ƒe nunyoname ŋu o. Woɖonɛ le aye me gɔ̃ hã be yewoatsi tre ɖe yewo ŋutɔ yewoƒe dɔmenyowɔlawo ŋuti. 17 Menye ɖeko woxea mɔ na amewo be womegada akpe o, ke boŋ ame siwo menya naneke le nyuiwɔwɔ ŋu o la ƒe dàdanyawo flua wo. Wobuna gɔ̃ hã be yewoasí le Mawu, ʋɔnu dzɔdzɔe drɔ̃la si lé fu nuvɔ̃ɖi, eye wòkpɔa nu sia nu ɣe sia ɣi la nu. 18 Zi geɖe la, ame siwo woda ɖe teƒe siwo ŋusẽ le wo si ɖe amewo dzi le la ƒe asi nɔa ame maɖifɔ siwo ƒe ʋu si wokɔ ɖe anyi la me. Wo xɔlɔ̃ siwo dzi woka ɖo, eye woda wo ɖe dudɔdzikpɔkpɔ nu la blea wo nu dea dzɔgbevɔ̃e si ŋu womate ŋu awɔ naneke le o la me. 19 Ame siawo, le nɔnɔme vɔ̃ɖi si le wo si la nu la, toa alakpamɔwo dzi ayetɔe eye woblea wo dziɖula siwo si nyuidiname nyateƒetɔ le la. 20 Nu siwo wowɔ to ame vɔ̃ɖi siawo siwo wɔa dziɖuŋusẽdɔ ƒe wɔna madzemadzee dzi la, woate ŋu akpɔ wo, menye tso nuŋlɔɖi xoxo siwo míetsɔ de asi na mi la me o, ke boŋ to nuwo gɔmekuku siwo tsɔ ɖe mía gbɔ la me. 21 Le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la, míate kpɔ be míawɔ míaƒe fiaɖuƒea me wòazi ɖoɖoe eye wòafa na amewo katã. 22 Míawɔ esia to míaƒe nuwɔna mɔnuwo tɔtrɔ me, eye ɣe sia ɣi la, nya siwo va mía gbɔ la, míabu wo ŋu adrɔ̃ wo sɔsɔe. 23 Elabe Haman, Hamedatan viŋutsu la, si nye Makedoniatɔ la la, le nyateƒe me la, eya la Persia ʋu mele eme kura o, eye míaƒe dɔmenyonyo meka eyama ame si va zu míaƒe amedzro la o. 24 Eya kpɔ gome bliboe le míaƒe nyuidiname si míenaa dukɔ ɖe sia ɖe la me, ale be woyɔnɛ be mía tɔ́ eye amewo katã dea ta agu nɛ enuenu abe ame evelia si le fiazikpuia dzi la ene. 25 Gake mete ŋu ɖu dàda sesẽ si le eme la dzi o. Ewɔ nu be yeaxɔ míaƒe fiaɖuƒe la kple míaƒe agbe le mía si. 26 Eto ayemɔnu kple beble me, bia be woatsrɔ Mardoxai, mía xɔla kple ame si nyoa dɔme na mí ɖaa la. Edi hã be woatsrɔ̃ Esta míaƒe kpeɖeŋutɔ mokakamanɔŋutɔ la le míaƒe fiaɖuƒea me hã, eye gawu la, woƒe dukɔ blibo la nakpe ɖe eŋu. 27 Ebui be to mɔ siawo nu la, yealé mí, ame aɖeke maʋli mía ta o, eye yeatrɔ Persiatɔwo ƒe fiaɖuƒe la wòazu Makedoniatɔwo tɔ.
28 Ke míeva nya be Yudatɔwo, ame siwo, ŋutsu si woƒo fi de zigbɔzi etɔ̃ sɔŋ la ɖo be woatsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ la, womenye nuvɔ̃ɖi wɔlawo o, ke boŋ wonye ame siwo dzi se dzɔdzɔe nyuitɔwo kekeake le ɖuɖum, 29 eye wonye Mawu viwo; Mawu gbagbe, dziƒoʋĩtɔ, ŋusẽkatãtɔ ame si ɖo fiaɖuƒe la anyi na míawo kple mía tɔgbuiwo le ɖoɖo nyuitɔ kekeake nu la woe wonye.
30 “ Eya ta midze agbagba ale si miate ŋui be miagatsɔ agbalẽ si Haman Hamedatan viŋutsu la ɖo ɖa la wɔ dɔe o. 31 Elabe eya ame si wɔ nu siawo la, wode ka ve nɛ kple eƒe aƒemetɔwo katã xoxo ɖe Susa-gbo nu. Mawu, si ɖu nuwo katã dzi la na tohehe si dze nɛ la eyama kaba ŋutɔ.
32 ‘Eya ta miklã agbalẽ sia ƒe gbugbɔŋlɔwo ɖe dutoƒo, le teƒe ɖe sia ɖe, eye míaɖe mɔ na Yudatɔwo be woanɔ agbe ɖe woawo ŋutɔ ƒe sewo nu. 33 Azɔ migana ŋusẽ wo ake, ale be le dzinu wui evelia Adar ƒe ŋkeke wui enelia dzi, gbe ma gbe tututu la, woagate ŋu aʋli wo ɖokui ta tso ame siwo wɔ avu kpli wo esime wote wo ɖe anyi la si me. 34 Elabe Mawu, ame si ɖu nuwo katã dzi la, wɔ ŋkeke sia be wònye dzidzɔŋkeke na eƒe dukɔ tiatia la, ke menye tsɔtsrɔ̃ŋkeke na wo o.
35 ‘Eya ta ele be miawɔ ɖe ɖoɖo sia dzi kple dzidzɔ abe ŋkeke tɔxɛ ene le miaƒe ŋkuɖodzizãɖuɖuwo dome. Esia neva eme ale be tso fifia heyi la, wòanɔ ŋkeke si dzi woɖe miawo kple Persiatɔ nuteƒewɔlawo le la teƒe na mi; evɔ la, ŋkeke la nanɔ ŋku ɖom tsɔtsrɔ̃ dzi na ame siwo ɖo nugbe ɖe mía ŋu ya. 36 Du kple dukɔ ɖe sia ɖe, ɖeke medo le eme o, siwo mewɔ ɖe se sia nu o la, wɔatsrɔ̃e ɖa le dɔmedzoe me kple akplɔ kple dzo. Woawɔe ale gbegbe be menye amewo ɖeɖe koe magate ŋu ato afi ma o, ke boŋ gbemelãwo kple xewo gɔ̃ hã woatsri afi ma toto le ɣeyiyiwo katã me.
KPEKPEƉEŊU E ƑE NUWUWU
37 “Miɖo se la ƒe agbalẽa ƒe gbugbɔŋlɔwo ɖe fiaɖuƒe la katã me, ne ame sia ame nakpɔ. Mina Yudatɔwo katã nanɔ ŋudzɔ le ŋkeke ma dzi awɔ avu kple woƒe futɔwo.” 38 Ale amedɔdɔwo dze mɔ kple sɔ, kple du kple du sesĩe be woaɖawɔ se si fia de la dzi. Wokaka se la le Susa-du me hã. 39 Mardoxai do go le eƒe fiawu ʋlaya la me bla ta kple avɔ dzĩ biɖibiɖi eye wòɖɔ sikafiakuku. Esi Susa-dua me tɔwo kpɔe la, dzi dzɔ wo. 40 Yudatɔwo kpɔ kekeli eye dzi dzɔ wo 41 le du ɖe sia ɖe kple nutome ɖe sia ɖe me, afi si wokaka se la ɖo. Afi sia afi si woɖe gbeƒã se la le la, Yudatɔwo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ kple ŋudzedze. Woɖo nuɖukplɔ̃ eye wona mɔkeke. Wotso aʋa na ame geɖe siwo menye Yudatɔwo o la, wozu Yudatɔwo le Yudatɔwo vɔvɔ̃ ta.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.