رفتن به محتوا

Esta G 7

7
1 Ale fia la kple Haman woge ɖe eme be yewoano aha kple fianyɔnu la. 2 Le ŋkeke evea gbe, esi wole wain nom la, fia la gabia be: “Fianyɔnu Esta, nu kae dzɔ? Nu kae nye wò didi, eye nu ka biam nèle? Woawɔ ɖe edzi na wò, nenye nye fiaɖuƒea ƒe afãe gɔ̃ hã.” 3 Eɖo eŋu gblɔ be: “Ne fia ave nunye la, wonetsɔ nye agbe kem, le nye didi nu, eye wonetsɔ nye dukɔ la tɔ kee, le nye biabia nu. 4 Elabe wodzra mí, nye kple nye dukɔ, be woatsrɔ̃ mí, aha mí eye woawɔ mí kluviwoe - mí kple mía viwo - kluviwo kple kosiwo siaa. Wova na nyanyam tso esia ŋuti. Míaƒe ketɔ la he ŋukpe va fia ƒe aƒea dzi.” 5 Tete fia la gblɔ be: “Ame kae nye ame ma, si ado dzi awɔ nu sia?” 6 Esta gblɔ be: “Míaƒe futɔ lae nye Haman ŋutsu vɔ̃ɖi sia!” Nya sia sese na vɔvɔ̃ ɖo Haman ŋutɔ le fia kple fianyɔnua ŋkume.
7 Fia la tso le nuɖuƒea, eye wòge ɖe abɔ me. Haman de asi kukuɖeɖe me ɖe eƒe agbe ta, tso fianyɔnu la gbɔ elabe ekpɔe be yege ɖe xaxa dziŋɔ aɖe me. 8 Esi fia la trɔ tso abɔa me la, Haman tsɔ eɖokui ƒu kuviablegɔ me hele koko ƒom na fianyɔnu la. Fia la gblɔ be: “Fia srɔ̃ hãe wòbe yeaƒo le nye aƒemea?” Esi Haman see la, etrɔ mo ɖe adzɔge. 9 Tete Bugatan, ame tataawo dometɔ ɖeka gblɔ na fia la be: “Kpɔ ɖa, Haman tu ati si ŋu woade ka ve na ame ɖo ŋutɔ gɔ̃ hã ɖi na Mardoxai, ame si na nyanya fia le nu si kae la ŋuti. Atia le Haman ƒe aƒeme; eƒe kɔkɔmee nye meta bla eve vɔ eve.” Azɔ fia la gblɔ be: “Mina woade ka ve na Haman ɖe eŋu.” 10 Tete wode ka ve na Haman ɖe ati si wòtu na Mardoxai la ŋu. Le esia wɔwɔ me fia la ƒe dzi fa.