رفتن به محتوا

Esta G 9

9
Yudatɔwo tsrɔ̃ woƒe futɔwo
1 # Mak I, 7.49; Mak II, 15.36. 1 Azɔ le dzinu wui evelia, Adar ƒe ŋkeke wui enelia dzi la, fia ƒe se si woŋlɔ la va ɖo. 2 Le ŋkeke ma ke dzi la, Yudatɔwo ƒe futɔwo tsrɔ̃. Ame aɖeke metsi tsitre ɖe wo ŋu o, elabe wovɔ̃ wo. 3 Nutomedzikpɔlawo ƒe amegãwo, fiaviwo kple fiaɖuƒea ƒe agbalẽŋlɔlawo de bubu Yudatɔwo ŋu, elabe wonɔ Mardoxai vɔ̃m ale gbegbe. 4 Le fia ƒe sededea nu la, edze be woade bubu Mardoxai ŋkɔ ŋu le fiaɖuƒe la katã me. 5 Yudatɔwo wu woƒe futɔwo katã kple yi. Wowu wo eye wotsrɔ̃ wo. Wowɔe ale si wòdzro woe ɖe ame siwo tsri wo la ŋu. 6 Azɔ le Susa-du me la, Yudatɔwo wu ame alafa atɔ̃. 7 Wo dometɔ aɖewo nye Farsanestain, Delfon, Fasga, 8 Fanadata, Barea, Sarbaxa, 9 Marmasima, Arufaeo, Arsaeo kple Zabuteo. 10 Haman, Hamedata vi si nye Bougetɔ, Yudatɔwo ƒe futɔ la, viŋutsuvi ewoawo hã le eme. Woha woƒe nuwo. 11 Gbe ma gbe tututu la, woyi ɖagblɔ ame siwo wowu le Susa-du me la ƒe xexlẽme na fia la. 12 Fia la gblɔ na Esta be: “Le Susa, fiadua me la, Yudatɔwo tsrɔ̃ ame alafa atɔ̃. Nu ka nèsusu be wowɔ le agbleta siwo ƒo xlãe? Nu ɖe sia ɖe si nàgabia wu la, woawɔe na wò.” 13 Esta gblɔ na fia la be: “Nà Yudatɔwo nagawɔ nenema ke etsɔ si gbɔna. Kpe ɖe esia ŋuti la, de ka ve na Haman viŋutsuvi ewoawo ɖe ati ŋu.” 14 Eɖe mɔ be woawɔ esia. Etsɔ Haman viŋutsuawo ƒe ŋutilã de asi na Yudatɔ siwo le dugã la me la, be woade ka ve na wo ɖe ati ŋu. 15 Le dzinua ƒe ŋkeke wui enelia dzi la, Yudatɔ siwo le Susa-du me la ƒo ƒu, eye wowu ame alafa etɔ̃, gake womeha naneke o.
16 Azɔ Yudatɔ bubu siwo le fiaɖuƒea me la ƒo ƒu be yewoaʋli yewo ɖokui ta, avo tso yewoƒe futɔwo si me. Wotsrɔ̃ ame akpe wui atɔ̃ le wo dome gake womeha naneke o. 17 Le ŋkeke wui enelia dzi la, wogbɔ ɖe eme eye wowɔ ŋkeke sia wònye gbɔɖemeŋkeke. Woɖu ŋkeke sia kple dzidzɔ gã aɖe. 18 Yudatɔ siwo le Susa, fiadua me la hã va ƒo ƒu le ŋkeke wui enelia dzi, gake womegbɔ ɖe eme o. Woɖu ŋkeke wui atɔ̃lia kple dzidzɔ gã wòdze wo ŋu. 19 Esia tae Yudatɔ siwo kaka ɖe dua ƒe agbletawo, le Susa-dua godo la tsɔ Adar ƒe ŋkeke wui enelia abe dzidzɔ kple gbɔɖeme ŋkeke ene. Woɖoa nuɖuɖununanawo ɖe wo nɔewo. 19a Ame siwo le du gãwo me la tsɔ Adar ƒe ŋkeke wui atɔ̃lia abe woƒe dzidzɔ kple gbɔɖeme ŋkeke ene, eye woawo hã ɖoa nunanawo ɖe wo nɔewo.
Purim-zãɖuɖu
20 Mardoxai ŋlɔ nu siawo ɖe agbalẽ me. Eɖoe ɖe Yudatɔwo le Artaxerxes ƒe fiaɖuƒe la me, le kpuiƒe kple didiƒe siaa. 21 Egblɔ na wo be woalé dzinu Adar ƒe ŋkeke wui enelia kple wui atɔ̃lia me ɖe asi, 22 elabe ŋkeke siawo dzie Yudatɔwo vo tso woƒe futɔwo si me. Dzinu blibo la katã (si nye Adar la), mee woƒe nɔnɔme trɔ, tso konyifafa me yi dzidzɔ me, tso dzimaɖitsitsi me yi gbɔɖemeŋkeke me le. Woaɖu ŋkeke sia abe azã ene kple dzidzɔ, eye woaɖo nuɖuɖununanawo ɖe wo xɔlɔ̃wo kple ame dahewo.
23 Ale Yudatɔwo xɔ nu si Mardoxai ŋlɔ ɖo ɖe wo la. 24#Est G 3.7.24 Eyae nye ale si Haman, Hamedata vi, Makedoniatɔ la, wɔ aʋa kple wo, ale si wòwɔ sedede eye wòda “pur”, nudzidze la be woatsrɔ̃ woe. 25 Ale si wòyi fia gbɔ ɖagblɔ nɛ be wòade ka ve na Mardoxai ɖe ati ŋu, gake ŋutasesẽ ƒe nugbe si wòɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la trɔ va dze eya ŋutɔ dzi, eye wode ka ve na eya kple viawo boŋ ɖe ati ŋui. 26 Eya ta woyɔa ŋkeke siawo be “Purim”, ɖe nudzidze si wodzidze la ta (elabe le wo degbe me la, nya sia gɔmee nye “nudzidze na nutiatia”). Ale be le nu si woŋlɔ ɖe agbalẽa me kple nu si teƒe wokpɔ le nya sia me kpakple nu si va dzɔ ɖe wo dzi ta la, Mardoxai ɖo azã sia anyi. 27 Yudatɔwo tsɔe ɖo wo ɖokui dzi na woƒe dzidzimeviwo kple na ame sia ame si akpe ɖe wo ŋu la, be woawɔ ɖe edzi godoo. Purim-ŋkeke siawo nanye ŋkuɖodziŋkekewo, eye woalé wo me ɖe asi tso dzidzime yi dzidzime, le du ɖe sia ɖe, ƒome ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me. 28 Woawɔ ɖe Purim-ŋkeke siawo dzi le ɣeyiɣiwo katã me, eye bubudede ŋkuɖodzi sia ŋu nu nagatso le woƒe dzidzimewo dome akpɔ gbeɖe o.
29 Tete fianyɔnu Esta, Aminadab vi kple Mardoxai, Yudatɔ la, woŋlɔ nu si wowɔ la da ɖi, eye wona ŋusẽ blibo agbalẽ sia tso Purim ŋuti. 31 Mardoxai kple fianyɔnu Esta woɖo susu sia anyi ɖe woawo ŋutɔ ƒe ɖoɖo nu kple ɖe woawo ŋutɔ ƒe dedienɔnɔ ta. 32 Esta ɖoe anyi wònye sedede yi mavɔ me, eye woŋlɔe ɖi hena ŋkuɖoɖo edzi.