Kolosetɔwo 1:9-10
Kolosetɔwo 1:9-10 EB14
Ale tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ ko la, gbe ko dom miele ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi. Míeɖea kuku na Mawu be wòana miadze si eƒe lɔlɔ̃nu, eye miaŋɔ ɖe nunya kple gɔmesese, si eƒe Gbɔgbɔ la nana la me bliboe, be miate ŋu anɔ agbe si adze na Aƒetɔ la, eye miadze eŋu. Ekema miawɔ nu nyui ɖeɖe ko, eye miagase Mawu gɔme ɖe edzi wu.


