Barux 4
4
1 #
Sir 24.23. Nunyae nye Mawu ƒe sededeawo ƒe agbalẽ,
se si li ke tegbee.
Ame siwo katã lé eyama sesĩe la, woanɔ agbe,
eye ame siwo gble eyama ɖi la, woaku.
2Trɔ, o Yakob, trɔ nàtsɔ eyama;
zɔ ɖo ta eƒe kekeli keklẽ la gbɔ.
3Mègatsɔ wò ŋutikɔkɔe na ame bubu aɖeke loo,
alo wò nunyoname na amedzro aɖeke o.
4Dzi le mía dzɔm, o Israel,
elabe míenya nu si dzea Mawu ŋu.
Wofa akɔ na Yerusalem
5Lé dzi ɖe ƒo, nye dukɔ;
wò si na Israel ƒe ŋkɔ li tegbee!
6Menye ɖe wò tsɔtsrɔ̃ tae
wodzra wò na dukɔwo o,
ke boŋ wotsɔ wò de asi na wò futɔwo
elabe èdo dziku na Mawu.
7Èdo dɔmedzoe na ame si wɔ wò la,
to vɔsasa na gbɔgbɔ vɔ̃wo me,
ke menye na Mawu o.
8Eŋlɔ Mawu mavɔ si kpɔ tawò nètsi la be,
eye nèdo dziku na Yerusalem,
ame si nyi wò la.
9Elabe ekpɔ dɔmedzoe si va dziwò,
tso Mawu gbɔ,
eye wògblɔ be:
“Miɖo to, mi Zion ƒe aƒelikawo,
Mawu na mele nuxaxa gã aɖe me;
10elabe mekpɔ vinye ŋutsuwo kple
vinye nyɔnuwo ƒe aboyomeyiyi,
si Mavɔtɔ la he vɛ na wo.
11Menyi wo kple dzidzɔ,
gake meɖo wo ɖa le avifafa kple nuxaxa me.
12Ame aɖeke megakpɔ dzidzɔ le ŋunye o,
nye ahosi kple ame geɖewo ƒe funyila.
Nye ɖeka metsi anyi le vinyewo ƒe nuvɔ̃wo ta,
elabe wotrɔ tso Mawu ƒe se la gbɔ.
13Womegatsɔa bubu aɖeke na eƒe ɖoɖowo o;
womezɔna ɖe Mawu ƒe sededeawo nu o,
eye womezɔna toa nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe mɔ
siwo wofia wo la dzi o.
14Mina ne Zion ƒe aƒelikawo nava;
miɖo ŋku vinye ŋutsuwo kple vinye nyɔnuwo lelé,
esi Mavɔtɔ la he va wo dzii la dzi.
15Elabe dukɔ si tso didiƒe ʋĩi lae
wòna wotso ɖe wo ŋuti!
Dukɔ ŋutasẽla si ƒe gbegbɔgblɔ le tramaa,
ame siwo medea bubu aɖeke ame tsitsiwo ŋu,
eye womekpɔa nublanui na ɖevi aɖeke o.
16Wokplɔ ahosi la ƒe viŋutsuvi lɔlɔ̃tɔwo dzoe,
eye wona nyɔnu si tsi akogo la xa nu
ɖe via nyɔnuvi siwo ku la ta.
17Ke nye la, ale ke makpe ɖe mia ŋui?
18Elabe eya, ame si he dzɔgbevɔ̃e siawo
va mia dzi la aɖe mi tso miaƒe futɔwo si me.
19Miheyi, vinyewo, miheyi,
elabe nye ɖeka metsi anyi.
20Meɖe nye ŋutifafa ƒe awu ʋlaya la ɖi,
eye meta akpanya be maƒo koko.
Mado ɣli na Mavɔtɔ la
le nye ŋkekeawo katã me.
21Milé dzi ɖe ƒo, vinyewo.
Mido ɣli na Mawu,
eye aɖe mi tso futɔ la ƒe ŋusẽ kple eƒe asi me.
22Elabe mele mɔ kpɔm na Mavɔtɔ la be wòaxɔ na mi.
Kɔkɔetɔ la na mele dzidzɔ kpɔm.
Elabe, eteƒe madidi o,
miaƒe Xɔla Mavɔtɔ la akpɔ nublanui na mi.
23Elabe meɖo mi ɖa le nuxaxa kple avifafa me,
gake Mawu atrɔ mi agbɔe nam le dzidzɔ
kple aseyetsotso me tegbee.
24Elabe azɔ ale si Zion ƒe aƒelikawo kpɔ mia léle teƒee la,
nenemae eteƒe madidi o,
woakpɔ miaƒe xɔname tso Mawu gbɔe.
Esia ava na mi kple ŋutikɔkɔe gã
kple Mavɔtɔ la ƒe atsyɔ̃ɖoɖo.
25Vinyewo, mido dzi miatsɔ dɔmedzoe
si Mawu do ɖe mia ŋu la dzigbɔɖitɔe.
Miaƒe futɔwo ɖu mia dzi ya,
gake eteƒe madidi o, woatsrɔ̃ wo miakpɔ
eye miatu afɔ wo dzi.
26Vinye siwo gbɔ nyemelɔ̃a nu le o la
zɔ mɔ klitsawo dzi;
wokplɔ wo dzoe abe alẽha si futɔ la kplɔ dzoe ene.
27Milé dzi ɖe ƒo, vinyewo,
eye mido ɣli na Mawu,
elabe ame si na nu sia dzɔ ɖe mia dzi la
aɖo ŋku mia dzi.
28Ke ale si wònɔ na mi be miatra mɔ
tso Mawu gbɔe la,
mitrɔ ɖe eyama gbɔ,
bena miadii kple dzo zigbɔzi ewo.
29Elabe ame si he dzɔgbevɔ̃e siawo va mia dzii la,
ahe dzidzɔ mavɔ vɛ na mi,
akpe ɖe miaƒe xɔname la ŋuti.
Woka ɖe edzi na Yerusalem be woakpe ɖe eŋuti
30Lé dzi ɖe ƒo, o Yerusalem,
elabe ame si tsɔ ŋkɔ na wò la afa akɔ na wò.
31Ame siwo wɔ funyafunya wò,
eye wodzɔ dzi le wò anyidzedze ŋu la,
woada ahe.
32Du siwo viwòwo subɔ abe kluviwo ene la,
woagbã gudugudu;
du siwo xɔ wò dzidzimeviwo la,
woagbã.
33Elabe ale si wòtso aseye le wò anyidzedze ŋu,
eye wòkpɔ dzidzɔ le wò dua gbagbã ŋutii la,
nenema kee wòase veve le eya ŋutɔ ƒe aƒedozuzu ŋui.
34Maɖe eƒe dàda ɖa le eƒe ame gbogboawo dome,
eye eƒe amemabumabu atrɔ zu vevesese nɛ.
35Elabe dzo atso Mavɔtɔ la gbɔ
adze eyama dzi ŋkeke geɖe,
eye gbɔgbɔ vɔ̃wo anɔ eme eteƒe nadidi.
36O Yerusalem, kpɔ ɣedzeƒe,
eye nàkpɔ dzidzɔ si gbɔna na wò
tso Mawu gbɔ la ɖa!
37Kpɔ ɖa, viwò siwo nènyà dzoe la,
wogbɔna.
Woƒo ƒu gbɔna tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe,
le Kɔkɔetɔ la ƒe nya nu;
wole dzidzɔ kpɔm le Mawu kafum.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.