Barux 5
5
1 #
Yes 52.1; 61.3, 10; Nyaɖ 21.2. O Yerusalem, ɖe wò nuxaxa kple vevesese
ƒe awu la ɖi,
eye nàɖo atsyɔ̃ kple ŋutikɔkɔe
si nyakpɔ tso Mawu gbɔ tegbee.
2Do nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe awu ʋlaya si tso Mawu gbɔ,
nàɖɔ Mavɔtɔ la ƒe bubufiakuku la,
3elabe Mawu aɖe wò atsyɔ̃ɖoɖo afia
le afi sia afi le dziƒoa te.
4Elabe Mawu ana ŋkɔ wò tegbee be:
“Ŋutifafa Dzɔdzɔetɔ, Mawu me Bubu”.
5Tso, o Yerusalem, tsi tsitre ɖe teƒe kɔkɔ la;
kpɔ ɣedzeƒe lɔƒo,
eye nàkpɔ viwòwo ƒo ƒu tso ɣetoɖoƒe kple ɣedzeƒe
le Kɔkɔetɔ la ƒe nya nu;
wole aseye tsom be Mawu ɖo ŋku yewo dzi.
6Elabe woto afɔ dzo le gbɔwò,
woƒe futɔwo kplɔ wo dzoe yii;
gake Mawu agakplɔ wo agbɔe vɛ na wò,
akɔ wo le bubu me abe fiazikpui dzi wole ene.
7Elabe Mawu ɖe gbe be to kɔkɔ ɖe sia ɖe
kple togbɛ si li tegbee la nabɔbɔ ɖe anyi;
woaxe baliwo, be anyigba la nasɔ;
ale be Israel-dukɔ la nazɔ dedie
le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe me.
8Avewo kple ati siwo ʋẽna lílilĩ ɖe sia ɖe,
ɖo vɔvɔli ɖe Israel dzi le Mawu ƒe gbeɖeɖe nu.
9Elabe Mawu akplɔ Israel kple dzidzɔ,
le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ me;
le nublanuikpɔkpɔ kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ
si tso eyama gbɔ la me.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.