رفتن به محتوا

Barux 3

3
1O Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, Israel ƒe Mawu, luʋɔ siwo le nu xam kple gbɔgbɔ siwo gbɔdzɔ la le ɣli dom na wò. 2See, o Aƒetɔ, eye nàkpɔ nublanui na mí, elabe míewɔ nuvɔ̃ le ŋkuwò me. 3Wòe le fia ɖum tegbee, ke míawo la, míele tsɔtsrɔ̃m yi ɖe mavɔ me. 4O Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, Israel ƒe Mawu, se Israel-dukɔ la ƒe gbedodoɖa azɔ, ame siwo wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò la viwo, ame siwo meɖo to Aƒetɔ, woƒe Mawu la ƒe gbe o. Ɖe esia ta dzɔgbevɔ̃ewo va dzɔ ɖe mía dzi. 5Mègaɖo ŋku mía tɔgbuiwo ƒe nuvɔ̃wo dzi o, ke le xaxa sia me la, ɖo ŋku wò ŋusẽ kple wò ŋkɔ dzi. 6Elabe wòe nye Aƒetɔ, mía Mawu, eye wòe nye Aƒetɔ, si míakafu. 7Elabe ède wò vɔvɔ̃ míaƒe dziwo me ale be míeyɔa wò ŋkɔ, eye míakafu wò le míaƒe aboyomenɔnɔ me. Elabe míeɖe nuvɔ̃ɖi siwo katã mía tɔgbuiwo wɔ ɖe ŋuwò la ɖa le míaƒe dziwo me. 8Kpɔ ɖa, fifia míele aboyo me, afi si nèkaka mí hlẽ ɖo be woaka mo na mí, aƒo fi ade mí eye woahe to na mí, ɖe mía tɔgbui siwo gble Aƒetɔ mía Mawu la ɖi, le woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo katã ta.
Nunyakafukafu
(Hiob 28.23-28; Lod 8.22-31; Sir 24.1-22)
9 # Lod 4.20-22. O Israel, se agbe ŋu sedede siawo ɖa!
Ɖo to, eye nàsrɔ̃ nunya!
10Nu ka tae, o Israel, nu ka ŋutie:
be nèle wò futɔwo ƒe anyigba dzi,
be nèle tsitsim le dzronyigba dzi,
be wotsɔ ame kuku gblẽ kɔ ɖo na wò,
11be wobu wò ɖe ame siwo le tsiẽƒe la dome?
12Ègble nunya ƒe dzɔtsoƒe ɖi.
13Ne ɖee nèzɔ le Mawu ƒe mɔ dzi la,
anye ne ànɔ agbe le ŋutifafa me tegbee.
14Srɔ̃ afi si nunya le,
afi si ŋusẽ le,
afi si nugɔmesese le,
ale be nàte ŋu adze si afi si vovototo
le ŋkeke didi kple agbe dome le,
afi si kekeli nana be ŋku kpɔa nu eye ŋutifafa le.
15 # Hiob 28.12, 20. Ame kae kpɔ eƒe nɔƒe?
Ame kae ge ɖe eƒe nudzraɖoƒexɔwo me?
16Afi ka dukɔwo dziɖulawo le?
Ame siwo ɖu aƒetɔ ɖe lãwo dzi le
anyigba dzi la ɖe?
17Afi ka ame siwo wua dziƒoxeviwo
ɖe woƒe dzidzɔkpɔkpɔ ko ta,
eye woƒoa ƒu klosalo kple sika
siwo ŋu amewo ɖoa dzi ɖo la ɖi,
eye nu siawo mesɔa gbɔ na wo o la le?
18Afi ka ame siwo toa ayemɔ be woakpɔ klosalo
eye wotsia dzi ɖe eŋu,
gake woƒe dɔwɔnawo teƒe aɖeke medze o la le?
19Wobu vì yi ɖe tsiẽƒe,
eye ame bubuwo va xɔ wo teƒe.
20Dzidzime bubu siwo va emegbe la va le nu kpɔm,
vanɔ anyigba la dzi,
gake womesrɔ̃ mɔ si ɖo ta sidzedze gbɔ loo,
alo se eƒe mɔwo gɔme loo,
alo wɔ be woƒe asi su edzi o.
21Woƒe dzidzimeviwo tra mɔ sãa tso egbɔ.
22Womese eŋkɔ le Kanan#3.22: Kanan, Teman, Meran: Nunya medzɔ kple ame siawo o; nunya li hafi wova dzɔ.,
alo kpɔe le Teman o.
23Hagar ƒe dzidzimeviwo,
ame siwo di nugɔmesese le anyigba dzi,
Meran kple Teman ƒe asitsalawo,
ŋutinyagblɔlawo kpakple ame siwo dia
nugɔmesese la,
womesrɔ̃ mɔ si ɖo ta nunya gbɔ
alo bua eƒe mɔ ŋuti o.
24O Israel, Mawu ƒe aƒe la lolo loo!
Anyigba si nye etɔ la keke loo!
25Elolo eye liƒowo meli nɛ o;
ekɔkɔ, womate ŋu adzidzee o.
26 # Mos I, 6.4; Nya 14.6. Wodzi ame dzɔatsuwo ɖe afi ma;
woawoe xɔ ŋkɔ le blema.
Wokɔ, tri eye wobí le aʋawɔwɔ me.
27Mawu metia wo,
alo fia mɔ si ɖo ta sidzedze gbɔ la wo o.
28Ale wotsrɔ̃, elabe nunya mele wo si o;
wotsrɔ̃ to woƒe bometsitsi me.
29Ame kae yi dziƒo ɖatsɔe,
tso alilikpowo me va anyigba dzi?
30Ame kae yi ƒu godo ɖakpɔe,
eye wòƒlee kple sika nyuitɔ?
31Ame aɖeke menya mɔ si yi ɖe egbɔ,
alo tsɔ ɖeke le mɔ si yi ɖe egbɔ la me o.
32Gake ame si nya nuwo katã la nya eyama,
eke ɖe eŋuti to eƒe nugɔmesese me.
Ame si wɔ anyigba na ɣeyiɣiawo katã
eye wòtsɔ lãfɔnewo yɔ edzi taŋ,
33ame si dɔ kekeli ɖa, eye wòdzo yi;
eyɔe eye wòɖo toe, le dzodzom nyànyanya.
34Ɣletiviwo klẽ ɖe woƒe teƒewo kple dzidzɔ.
Eyɔ wo eye wogblɔ be: “Míawoe nye esi!”
Woklẽ kple dzidzɔ na eya, ame si wɔ wo la.
35Míaƒe Mawue nye esi;
womate ŋu atsɔ bubu aɖeke sɔ kplii o.
36Eyae ke ɖe mɔ bliboa si ɖo ta sidzedze gbɔ la ŋu,
eye wòtsɔe na eƒe subɔla Yakob
kple Israel si wòlɔ̃ la.
37Emegbe edo ɖe anyigba dzi,
eye wònɔ amegbetɔƒomea gbɔ.