رفتن به محتوا

2Makabeowo 11

11
Yuda Makabeo ɖu Lisias dzi
(Mak I, 4.26-35)
1Le nu sia megbe teti la, dzi ku Lisias, fia la dzikpɔla kple eƒe ƒometɔ, ame si le dziɖuɖua nu la, le nu siwo dzɔ la ta. 2Eƒo asrafo afɔzɔlawo, abe akpe enyi ene kple eƒe sɔdolawo katã nu ƒu, eye wòho aʋa ɖe Yudatɔwo ŋu. Ebui be yeawɔ Yerusalem-dua wòazu aƒe na Helatɔwo. 3Ebu be yeana woadzɔ nu ɖe gbedoxɔ la ta, abe ale si wòwɔ ɖe dukɔ bubuwo ƒe teƒe kɔkɔewo ta la ene. Ebui hã be yeana amewo naxe fe ƒè sia ƒè hafi azu nunɔlagã. 4Metsɔ ɖeke le eme kura na Mawu ƒe ŋusẽ o. Ke boŋ enɔ dzi ɖom ɖe eƒe asrafo afɔzɔla akpeakpewo, eƒe asrafo sɔdola akpeawo kple atiglinyi bla enyi siwo nɔ esi la ŋu. 5Ege ɖe Yudea-nyigba me, gogo Betzur, si wotu wònye du sesẽ, eye wòdidi abe kilometa bla etɔ̃ ene tso Yerusalem gbɔ la, eye wòmimii.
6Esi Makabeo kple eŋumewo se be Lisias ɖe to ɖe du sesẽawo la, woawo kpakple dukɔ blibo la fa konyi, fa aɖatsi eye wodo gbe ɖa na Aƒetɔ la, be wòaɖo mawudɔla nyui aɖe ɖa ne wòaxɔ na Israel-dukɔ la. 7Makabeo ŋutɔe nye ame gbãtɔ si tsɔ aʋawɔnuwo kpla, eye wòxlɔ̃ nu ame mamlɛawo be woatsɔ woƒe agbe aɖo anyi kpli ye ahakpe ɖe wo nɔviwo ŋu. Tete wotso kple dzo ɖekae hedze mɔ. 8Esime woganɔ Yerusalem gbɔ la, wokpɔ sɔdola aɖe do le wo ŋgɔ le afi ma. Enɔ awu ɣi me, eye wòle aʋawɔnu siwo nye sika la nyèm. 9Wo katã wokafu Mawu nublanuikpɔla la ɖekae, eye dzi ɖo wo ƒo. Wonɔ klalo be yewoate ŋu adze, menye amegbetɔwo ɖeɖe ko dzi o, ke boŋ gbemelã wɔadãwo alo gagliwo gɔ̃ hã dzi. 10Woɖe zɔ le aʋaɖoɖo me, woƒe dziƒokpeɖeŋutɔ la le wo ŋu, elabe Aƒetɔ la kpɔ nublanui na wo. 11Wolũ ɖe futɔwo dzi abe dzatawo ene, eye wowu wo dometɔ ame akpe wuiɖekɛ kple asrafo sɔdola akpe ɖeka alafa ade; wona ame susɔeawo ya sí dzo. 12Woxɔ aʋawɔnu geɖe le ame siwo nɔ sisím la si, eye wode abi ɖewo ŋu. Lisias ŋutɔ ya sí dzo kple ŋukpe.
Lisias wɔ ŋutifafa kple Yudatɔwo
(Mak I, 6.56-61)
13Lisias wɔa susu ŋudɔ, eya ta ede ŋugble tso ale si woɖu edzii la ŋu. Ekpɔ dze sii be Hebritɔwo nye ame siwo dzi womate ŋu aɖu o, elabe Mawu ŋusẽtɔ lae wɔ aʋa ɖe wo nu. Ale edɔ ame ɖe wo gbɔ, 14trɔ woƒe susu be yewoalé nya sia nya nu wòanɔ dzɔdzɔe le yewo dome. Edo ŋugbe be yeable fia la nu, aɖoe edzi be wòazu yewo xɔlɔ̃. 15Makabeo bu nu si anyo na dukɔ la ŋuti ɖa, eye wòlɔ̃ ɖe susu siwo katã Lisias do ɖa la dzi, elabe fia la wɔ ɖe nu sia nu si Yudatɔwo bia, esi Makabeo ŋlɔ ɖe agbalẽ si wòtsɔ na Lisias la me la dzi.
Agbalẽ si Lisias ŋlɔ ɖo ɖe Yudatɔwo
16Agbalẽ si Lisias ŋlɔ ɖo ɖe Yudatɔwo la me nyawo yi ale:
“Nye Lisias ye le agbalẽ sia ŋlɔm ɖo ɖe mi Yudatɔwo. Medo gbe na mi. 17Yohanes kple Absalom, ame siwo miedɔ ɖa la, tsɔ agbalẽ si te miede asii la vɛ eye wobia nu tso nya siwo le eme la ŋu. 18Nya siwo katã wòle be woatsɔ aɖo fia la ŋkume la, mena wònya wo, eye wòlɔ̃ ɖe nu siwo wòate ŋu awɔ la dzi. 19Ne mieyi edzi na be nyuidiname si le mia me ɖe dziɖuɖua ŋu yi edzi la, nye hã madze agbagba, le ɣeyiɣi siwo gbɔna la me, ado miaƒe dedienɔnyawo ɖe ŋgɔ. 20Ku ɖe nya siawo kple wo me dzodzro tsitotsito ŋuti la, mena be miaƒe ame siawo kple tenyeƒenɔlawo nadzro nyawo me kpli mi. 21Minɔ anyi nyuie. Woŋlɔe le ƒè alafa ɖeka bla ene vɔ enyilia me le ɣleti Dioakorintio ƒe ŋkeke bla eve vɔ enelia gbe.”
Fia la ƒe agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe Lisias
22Fia la ƒe agbalẽa me nyawo yi ale:
“Nye fia Antioxo ye le agbalẽ sia ŋlɔm ɖo ɖe wò nɔvinye Lisias. Medo gbe na wò. 23Azɔ esi mía tɔ́ dzo yi mawuawo gbɔ la, míedi be eteviwo le fiaɖuƒea me nanɔ anyi bɔkɔɔ akpɔ woawo ŋutɔ ƒe nyawo gbɔ. 24Míese be Yudatɔwo melɔ̃ ɖe tɔtrɔ si mía tɔ́ wɔ be woatrɔ ɖe Helatɔwo ƒe kɔnyinyiwo gbɔ la dzi o. Ke boŋ wodi woawo ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ mɔnuwo eye wobia be woaɖe mɔ be yewoanyi yewo ŋutɔ ƒe kɔwo. 25Esia ta, esi míedi be dukɔ sia hã navo tso ʋunyaʋunya si me la, míeɖoe be woagbugbɔ woƒe gbedoxɔ la na wo, eye woanɔ agbe ɖe wo tɔgbuiwo ƒe kɔnyinyiwo nu. 26Eya ta anyo be nàɖo du ɖe wo ado ŋugbe na wo be wozu mía xɔlɔ̃wo, ale be woanya míaƒe ɖoɖo eye woaɖe dzi ɖi, atsɔ dzidzɔ awɔ woawo ŋutɔ ƒe dɔwoe.”
27Fia la ƒe agbalẽ yi na dukɔa ale:
“Fia Antioxo ye le agbalẽ sia ŋlɔm ɖo ɖe Yudatɔwo ƒe aɖaŋuɖoha kple Yudatɔ susɔeawo. Medo gbe na mi. 28Ne mieli nyuie la, eyae míedi. Míawo hã míeli sesĩe. 29Menelao na míenya be miedi be yewoatrɔ ayi aƒe aɖakpɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyawo gbɔ. 30Eya ta ame siwo atrɔ yi aƒe va se ɖe ɣleti Xantiko Ɣleti sia sɔ kple Eʋe-ɣleti Tedoxe le Helatɔwo ƒe xexlẽ nu, ƒe ŋkeke bla etɔ̃lia lɔƒo la, míado ŋugbe na wo be woazu mía xɔlɔ̃wo, eye mɔ ɖe sia ɖe ʋu 31na Yudatɔwo be woaɖu woawo ŋutɔ ƒe nuɖuɖu, awɔ ɖe woawo ŋutɔ ƒe sewo dzi abe tsã ene. Womawɔ fu wo dometɔ aɖeke abe ale si wowɔ wo va yi le manyamanya me la ene o. 32Azɔ nye hã medɔ Menelao ɖa be wòade dzi ƒo na mi. 33Minɔ anyi nyuie. Woŋlɔe le ƒè alafa ɖeka bla ene vɔ enyilia*(Ƒè 148: Ƒè sia sɔ kple ƒè164 do ŋgɔ na Kristo dzidzi) me, le ɣleti Xantiko ƒe ŋkeke wui atɔ̃a gbe.”
34Romatɔwo hã ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe wo. Eyi ale: “Kuinto Memio kple Tito Manio, Romatɔwo ƒe amedɔdɔwoe le agbalẽ sia ŋlɔm ɖo ɖe Yudatɔwo. Miedo gbe na mi. 35Ku ɖe mɔɖeɖe si Lisias, fia la ƒe ƒometɔ, na mi ŋu la, míawo hã míeda asi ɖe edzi. 36Ke ku ɖe nya siwo wòdi be woakɔ to dzi na fia la ya ŋuti la, ne mienyagbe bu wo ŋu vɔ ko la, midɔ ame ɖa kaba, ale be míaɖo aɖaŋu siwo asɔ la na mi, elabe míele mɔ dzi yina Antioxia. 37Eya ta miwɔ kaba miaɖo dɔlawo ɖa ale be míanya miaƒe nyametsotso. 38Minɔ anyi nyuie. Woŋlɔe le ƒè alafa ɖeka bla ene vɔ enyilia*(Ƒè 148: Ƒè sia sɔ kple ƒè 164 do ŋgɔ na Kristo dzidzi) me, le ɣleti Xantiko ƒe ŋkeke wui atɔ̃a gbe.”