رفتن به محتوا

2Makabeowo 10

10
Wogbugbɔ gbedoxɔ la ŋuti kɔ
(Mak I, 4.36-61)
1Azɔ to Mawu ƒe amekpɔkplɔ me la, Makabeo kple eyomedzelawo gbugbɔ xɔ gbedoxɔ la kple du la. 2Wogbã vɔsamlekpui siwo amedzrowo ɖi ɖe ablɔ me kple ɖe subɔsubɔƒeawo hã. 3Wokɔ kɔkɔeƒe la ŋuti eye woɖi vɔsamlekpui bubu. Tete woxlã nu ɖe kpe sesẽ aɖe, eye dzoxi do, si ŋudɔ wowɔ sa vɔwoe; womegasa vɔ alea kpɔ o ƒe eve sɔŋ. Wodo lifidzudzɔ eye wosi akaɖiwo heɖo vɔsabolo anyi. 4Esi wowɔ esia la, wotsyɔ akɔ anyi, ke abɔwo me, ɖe kuku na Aƒetɔ la be negana yewoage ɖe dzɔgbevɔ̃e sia ƒomevi me azɔ gbeɖe o. Ke nenye be yewogawɔ nuvɔ̃ hã la, eya ŋutɔ nahe to na yewo kple dzigbɔgbɔ blewuu, ke megatsɔ yewo de asi na dukɔ siwo gblɔa busunya, eye wonye ŋutasẽlawo la o. 5Eva dzɔ be ŋkeke si dzi tututu amedzrowo ƒo ɖi gbedoxɔa, le ŋkeke bla eve vɔ atɔ̃lia dzi le ɣleti Xislev me la, ŋkeke ma ke dzie wogbugbɔ kɔ eŋu. 6Woɖu azã kple aseyetsotso ŋkeke enyi, abe ale si woɖua avɔgbadɔmenɔzã la ene. Woɖo ŋku ale si, eteƒe medidi o, le avɔgbadɔmenɔzã dzi wonɔ tsatsam le towo dzi kple agadowo me abe gbemelãwo ene la dzi. 7Eya ta wolɔ̃ seƒoƒotsihe ɖe atikpoviwo ŋu, tsɔ atilɔ dzeaniwo kple deʋayawo ɖe asi, dzi akpedahawo na Mawu, ame si na wowu eƒe teƒe kɔkɔe la ŋuti kɔkɔ nu dedie. 8Wowɔ ɖoɖo le dutoƒo, da akɔ ɖe edzi be Yuda-dukɔa katã naɖu ŋkeke siawo ƒe sia ƒe.
Ptolemi Makron wu eɖokui
9Aleae Antioxo, si woyɔna be Epifanes la, ƒe agbe wu enui.
10 # Mak I, 6.17. Azɔ míagblɔ nu siwo va dzɔ le Antioxo Eupator, si nye mawumavɔ̃la ma vi, ŋɔli la eye míatò vɔ̃ si va dzɔ le aʋawo me la ɖe eme kpuie. 11Ŋutsu sia, esi wòva le fiaɖuƒea nu la, etɔ asi Lisias aɖe dzi be wòanɔ dudɔ nu, akplɔ dua eye wòanye aʋakplɔla le Koelesiria kple Foenikia. 12Ptolemi, si woyɔna be Makron la, do ŋgɔ wɔ nu dzɔdzɔe ɖe Yudatɔwo ŋu, ɖe nu gbegblẽ si wowɔ ɖe wo ŋu va yi la teƒe, eye wòte kpɔ be yeana ŋutifafa ƒe kadodo nayi edzi anɔ yewo dome. 13Ɖe esia ta la, fia la xɔlɔ̃wo tso enu na Eupator. Woyɔe le afi sia afi be amedeasila, eya ŋutɔ se, elabe edzo le Kipro si Ptolemi tsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la, eye wòva yi Antioxo Epifanes dzi la ta. Esi mete ŋu na amewo de bubu eŋu ɖe ɖoƒe si le esi la ta o la, eno aɖi tsɔ wu eƒe agbe nui.
Yuda Makabeo ʋli Idumeatɔwo ta
14Gorgias va zu dziɖula le nutoa me. Eyi edzi ɖo asrafo dadawo. Ehoa aʋa ɖe Yudatɔwo ŋu edziedzi. 15Hekpe ɖe esia ŋu la, Idumeatɔwo, ame siwo si me teƒe sesẽ veviwo le la, hã ɖea fu na Yudatɔwo. Woxɔ ame siwo wonyà dzoe le Yerusalem, eye wote kpɔ na aʋa la le edzi yim. 16Ke esi Makabeo kple eƒe asrafowo do gbe ɖa, ƒo koko na Mawu be nekpe ɖe yewo ŋu la, edze Idumeatɔwo ƒe teƒe sesẽawo dzi. 17Wokpe aʋa kple wo kalẽtɔe, xɔ teƒeawo le wo si eye woɖu ame siwo katã nɔ gliawo ta nɔ aʋa wɔm kpli wo la dzi, eye wowu ame siwo wodo goe. Ame siwo wowu la sɔ gbɔ wú akpe bla eve.
18Ame aɖewo, siwo ƒe xexlẽme anɔ abe akpe asieke ene la, sí ɖabe ɖe gbetakpɔxɔ eve siwo sesẽ ŋutɔ la me. Nu siwo katã wohiã be woate ŋu anɔ te, ne woɖe to ɖe wo la, nɔ wo si. 19Makabeo gble Simon, Yosef kple Zaxeo kpakple eƒe aʋawɔla siwo sesẽ ate ŋu anɔ te ɖe wo nu la ɖi, eye eya ŋutɔ dzo yi afi si wòhiã le wu be wòanɔ la. 20Gake Simon ŋutinɔlawo, ame siwo nye galɔ̃lawo la xɔ zãnu tso ame siwo le gbetakpɔxɔ me la gbɔ. Esi woxɔ klosaloga kilo bla ade vɔ ene le wo si la, woɖe mɔ na wo dometɔ aɖewo wosí dzo. 21Esi Makabeo se nu si dzɔ la, eƒo dumegãwo nu ƒu, eye wòtso ame siawo nu be wodzra woawo ŋutɔ nɔviwo ɖe ga ta, heɖe mɔ na woƒe futɔwo wosí dzo, be woawɔ aʋa kpli wo. 22Tete wòwu ame siawo, siwo trɔ zu yomemɔfialawo, eye enumake wòxɔ gbetakpɔxɔ eveawo. 23Nu sia nu si ŋu wotso ɖo kple aʋawɔnuwo la dze edzi. Etsrɔ̃ ame akpe bla eve kple vɔ le teƒe sesẽ eveawo.
Yuda ɖu Timoteo dzi
24Azɔ Timoteo, ame si dzi Yudatɔwo ɖu kpɔ la, ƒo asrafo dadawo ƒe aʋakɔ gã aɖe kple asrafo sɔdola gbogbo aɖe nu ƒu tso Asia. Eva Yudea bu be yeawɔ aʋa kple Yudea-nyigba sesẽtɔe. 25Esi wògogo wo la, Makabeo kple eƒe amewo tsɔ ʋuʋudedi kɔ ɖe tame, eye wosa akpanya ɖe ali, ƒo koko na Mawu. 26Wobɔbɔ wo ɖokui ɖe vɔsamlekpui la ƒe atrakpui nu, ɖe kuku na Mawu vevie be woave yewo nu, azu yewoƒe futɔwo ƒe futɔ, ketɔ na yewoƒe ketɔwo, abe ale si se la ɖee fia la ene. 27Esi wodo gbe ɖa vɔ megbe la, wotsɔ woƒe aʋawɔnuwo eye woho tso dua me yi adzɔge ʋĩi. Esi wogogo woƒe futɔwo la, wotɔ te. 28Le fɔŋli lɔƒo la, aʋakɔ eveawo kpe aʋa. Aʋakɔ ɖeka ƒe dzideƒoe nye be nuwo adze edzi eye yewoaɖu dzi. Esia matso yewoƒe kalẽwɔwɔ ko gbɔ o, ke boŋ atso yewoƒe ŋuɖoɖo ɖe Aƒetɔ la ŋu gbɔ, esime ame kemɛawo ya tsɔ dɔmedzoe abe woƒe kplɔla ene le avuwɔwɔ la me.
29Esi aʋa la nu sẽ la, wokpɔ ame atɔ̃ siwo nɔ keklẽm la nɔ sɔwo dzi dzé tso dziƒo na futɔawo. Wode sikagaka nu me na sɔawo, eye sɔawo nɔ Yudatɔwo ŋgɔ nɔ wo kplɔm. 30Sɔdola eve kplɔ Makabeo, wònɔ wo dome, eye woʋli eta kple woawo ŋutɔ ƒe akpoxɔnu kple aʋawɔnuwo ale be womade abi eŋu o. Wonɔ aŋutrɔwo dam futɔawo asitsɔtsɔe ale be wotɔtɔ, eye woƒe mo tsyɔ. Wokaka, dze anyi eye wotsrɔ̃ wo. 31Wowu ame akpe bla eve alafa atɔ̃; sɔdola alafa ade siwo tsí hã ya, wole vovo.
32Timoteo ŋutɔ sí yi du sesẽ si woyɔna be Gazara, si ŋu dzɔm wole tɔxɛe, afi si Xaereas nye aʋakplɔla le la me. 33Esia do dzidzɔ na Makabeo kple eƒe amewo, eye woɖe to ɖe dua ŋkeke ene. 34Ame siwo nɔ eme la nɔ dzi ɖom ɖe teƒea ƒe sesẽ ŋu, eye woganɔ busunya kple nya vlo geɖe gbɔgblɔ dzi. 35Ke le fɔŋli le ŋkeke atɔ̃a gbe la, dzi ku ɖekakpui bla eve tso Makabeo ƒe aʋakɔ la me ɖe busunya siwo gblɔm futɔwo le la ta. Woho kalẽtɔe dze ame siwo le gliawo ta la dzi, eye wotsɔ dɔmedzoe helihelĩ wu ame sia ame si wodo goe. 36Ame bubu siwo do go to mɔ ma ke nu la trɔ dze dua ŋu dzɔlawo dzi, eye wotɔ dzo gbetakpɔxɔawo. Wodo dzo wòfiã busunyagblɔlawo agbagbee. Ɖewo gbã agboawo eye wona aʋakɔ mamlɛa ge ɖe eme. Woxɔ du bliboa. 37Wowu Timoteo, ame si bè ɖe tsidzraɖoƒedo aɖe me. Nenema ke wowu nɔvia Xaereas kple Apolofanes hã. 38Esi wowɔ nu siawo vɔ la, wodzi akpedaha kafu Aƒetɔ la, ame si nyo dɔme na Israelviwo ale gbegbe be wòna woɖu dzi.