2Makabeowo 12
12
Wowu Yudatɔ siwo le Yopa
1Esi woɖo kpe nya siawo dzi la, Lisias trɔ yi fia la gbɔ eye Yudatɔwo gadze woƒe agbledɔ gɔme.
2Gake nutomedzikpɔla siwo le teƒe mawo dometɔ aɖewo, siwo nye Timoteo kple Apolonio, Genaeo vi, Hieronimo kple Demofon, kpakple Nikanor, dziɖula le Kipro la, meɖe mɔ na wo be woanɔ anyi bɔkɔɔ le tomefafa me o. 3Yopatɔwo wɔ mawumavɔ̃nu sia. Wokpe Yudatɔ siwo le wo dome kple wo srɔ̃wo kple wo viwo be woaɖo tɔdziʋu siwo wodzra ɖo la, abe ɖe susu vɔ̃ aɖeke mele wo si ɖe Yudatɔwo ŋu o la ene. 4Wowɔ esia ɖe akɔ aɖe si dua me tɔwo da la nu. Yudatɔwo lɔ̃ ɖe edzi elabe wodi be yewoanɔ anyi le tomefafa me, eye womesusu nu baɖa aɖeke o. Yopatɔwo ku wo ɖe tɔdziʋu me yi ƒu dzi eye wonyrɔ wo. Ne womede ɖeke o hã la, woade abe ame alafa eve ya ene. 5Yuda se ŋuta si wosẽ le wo detɔwo ŋu alea, eye wòɖe gbe na eƒe amewo. 6Woyɔ Mawu, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, eye wodze ame siwo wu wo nɔviwo la dzi. Le zã me la, Yuda tɔ dzo tɔdziʋudzeƒea, tɔdziʋuawo fiã eye wòwu ame siwo yi ɖasí afi ma tso. 7Ke ɖe ale si wodo dua ƒe agbowo ta la, egbugbɔ ɖe megbe bu be yeatrɔ ava atsrɔ̃ Yopa-dua me nɔlawo katã. 8Gake esi wòse be Yamniatɔwo hã ɖo be yewoatsrɔ̃ Yudatɔ siwo le wo dome le mɔ ma ke nu la, 9etrɔ dze Yamniatɔwo dzi. Etɔ dzo tɔdziʋudzeƒe la kple dua ƒe tɔdziʋuawo le zã me, ale be wokpɔ dzoa ƒe keklẽ le keke Yerusalem ke, si didi kilometa bla atɔ̃ tso afi ma.
Yuda ɖu dzi le Gilead-nutome
(Mak I, 5.9-54)
10Esi wozɔ abe kilometa eve ene tso afi ma, tso ɖe Timoteo ŋu la, Arabiatɔ siwo ade ame akpe atɔ̃ teti kple asrafo sɔdola alafa atɔ̃ va dze wo dzi. 11Le avu drinya aɖe wɔwɔ kple wo megbe la, Yuda kple etɔwo ɖu wo dzi to Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me. Tsatsala siwo dzi woɖu la ɖe kuku na Yuda be wòado ŋugbe na yewo be yewoazu exɔlɔ̃wo. Wodo ŋugbe nɛ be yewoana lãhawoe, eye yewoakpe ɖe eƒe dukɔa ŋu le mɔ bubuwo nu. 12Yuda kpɔ be woate ŋu aɖe vi na yewo le mɔ geɖe nu, eya ta elɔ̃ be yeawɔ ŋutifafa kpli wo. Esi wose eƒe ŋugbedodo siwo wòwɔ la, wotrɔ yi woƒe avɔgbadɔwo me.
13Yuda dze du aɖe si wotso, ƒo kpo ɖe eŋu, eye woɖo gli sesẽwo ɖe eŋu la hã dzi. Ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒomevi vovovowo nɔ dua me. Dua ŋkɔe nye Kaspin. 14Emenɔlawo nɔ dzi ɖom ɖe glikpɔ sesẽ kple nuɖuɖu siwo woƒo ƒu ɖe eme la ŋu. Ameawo wɔ amemabunu gã aɖe ɖe Yuda kple eƒe amewo ŋuti. Wodo ɣli ɖe wo ta, eye wogblɔ busunya gɔ̃ hã kple nya makɔmakɔ geɖe ɖe wo ŋu. 15Ke Yuda kple etɔwo yɔ xexea me Dziɖula gã la, ame si metsɔ gligbãmɔ̀ alo aʋawɔnu aɖeke o, evɔ wòtu asi Yerixo-du ƒu anyi le Yosua ŋɔli la. Elũ ɖe gliawo dzi kple adã, eye 16to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la, woxɔ du la. Wowu ame xexlẽme si womate ŋu agblɔ o, ale be tá si te ɖe dua ŋu eye wòkeke abe meta alafa atɔ̃ ene la, dzé abe ʋue le sisím le eme la ene.
Yuda ɖu Timoteo ƒe aʋakɔ dzi
(Mak I, 5.37-44)
17Esi wozɔ dzo abe kilometa alafa ɖeka bla atɔ̃ ene la, wova do ɖe Xarax, ɖe Yudatɔ siwo woyɔna be Toubiatɔwo la gbɔ. 18Womekpɔ Timoteo le nuto ma me o, elabe ɣe ma ɣi la, edzo le afi ma naneke mawɔmawɔe, togbɔ be egble asrafohatsotso sesẽ aɖe ɖe teƒe ɖeka hã. 19Dositeo kple Sosipater, ame siwo nye aʋakplɔlawo nɔ Makabeo te la, zɔ ɖe wo dzi eye wowu ame wú akpe ewo le ame siwo Timoteo gble ɖe teƒe sesẽ la. 20Ke Makabeo ma eƒe aʋakɔ la ɖe aʋalɔgowo me, heɖo aʋakplɔlawo ɖe mamaawo nu, eye wòti Timoteo, ame si ŋu asrafo afɔzɔla akpe alafa ɖeka bla eve kple asrafo sɔdola akpe eve alafa atɔ̃ nɔ la yome. 21Esi Timoteo se be Yuda tso ɖe ye ŋu gbɔna la, eɖo nyɔnuwo, ɖeviwo kple woƒe agbawo hã ɖe teƒe si woyɔna be Karnaim la, elabe esesẽ be woaɖe to ɖe teƒe ma, elabe mɔ siwo ɖo ta afi ma la xaxa. 22Gake esi Yuda ƒe aʋalɔgo gbãtɔ do la, dzidzi ƒo wo eye vɔvɔ̃ lé futɔwo ɖe ɖeɖefia si ame si kpɔa nuwo katã na wòdzé na wo la ta. Woka hlẽ ɖo ta teƒe sia teƒe ale be enuenu la, woawo ŋutɔ ƒe amewo wɔ nu vevi wo nɔewo alo woawo ŋutɔ ƒe aʋawɔyi ƒo ɖe wo. 23Yuda kplɔ wo ɖo kple ŋusẽ si katã wòate ŋui. Ewu nuvɔ̃wɔlawo eye wòtsrɔ̃ ame geɖe; wosɔ gbɔ de akpe bla etɔ̃.
24Timoteo ŋutɔ ge ɖe Dositeo kple Sosipater kple wo tɔwo si me. Eto amebeble gã aɖe me ɖe kuku na wo be woaɖe mɔ na ye yeadzo, ayi dedie elabe yelé wo dometɔ geɖe dzilawo kple wo dometɔ aɖewo nɔviŋutsuwo, ame siwo womakpɔ nublanui aɖeke kura na o. 25Esi wòƒo nu legbee eye wodo ŋugbe vevie, na kakaɖedzi wo be yeagbugbɔ wo aɖo ɖa, vɔ̃ aɖeke mawɔ wo o ta la, woɖe asi le eŋu wòdzo, ɖe ale si woaxɔ wo nɔviwo ɖe agbe la ta.
Yuda gaɖu dzi bubuwo
(Mak I, 5.45-54)
26Tete Yuda tso ɖe Karnaim-dua kple Atargatis ƒe gbedoxɔ ŋu, eye wòwu ame akpe bla eve vɔ atɔ̃. 27Le zitɔtɔ dede ame siawo dome kple wo tsɔtsrɔ̃ megbe la, eho ɖe Efron, du si wotso wòsesẽ, afi si Lisias nɔ kple ameha gã aɖe tso dukɔ ƒomevi vovovowo me la, ŋu. Ɖekakpui dzɔatsuwo ɖo ɖe gliawo gbɔ. Woʋli dua ta kalẽtɔe. Aʋawɔʋu gãwo kple aʋawɔnu, siwo wodana zi geɖe la nɔ afi ma. 28Ke Yudatɔwo yɔ Dziɖula gã si tsɔa ŋusẽ kakaa eƒe futɔwo ƒe ŋusẽ la, eye woxɔ du la wosu wo si. Wowu ame geɖe le dua me siwo de akpe bla eve sɔŋ.
29Woho tso afi ma, ɖe abla ɖe Skitopolis, si didi kilometa alafa ɖeka bla eve tso Yerusalem gbɔ la dzi. 30Ke esi Yudatɔ siwo le afi ma, ɖi ɖase na wo be Skitopolistɔwo ƒe dɔme trɔ ɖe yewo ŋu kple ale si woléa wo nyuie le dzɔgbevɔ̃ewo me la, 31woda akpe na wo eye woxlɔ̃ nu wo be woakɔ dɔme ɖe woƒe dzidzimeviwo ŋu le ɣeyiɣi si gbɔna la hã me. Emegbe wodzo yi Yerusalem esime kwasiɖawo ƒe ŋkekenyui la le aƒe tum.
Yuda ɖu Gorgias dzi
32 #
Mos II, 23.16. Le azã si woyɔna be ŋkeke blaatɔ̃lia le ŋutitotozã yome la, woɖe abla ɖe Gorgias, nutomedzikpɔla le Idumea-nutome, dzi. 33Ame sia va kple asrafo afɔzɔla akpe etɔ̃ kple sɔdolawo alafa ene. 34Esi wokpe aʋa la, Yudatɔ ʋɛ aɖewo tsi aʋa. 35Ke ame aɖe si woyɔna be Dositeo, Bakenor ƒe amewo dometɔ ɖeka, ame si nɔ sɔ dom eye wònye ame sesẽ la, lé Gorgias. Eku ɖe eƒe awu ŋu hehee yinae kple eƒe ŋusẽ blibo. Eɖoe be yealé nuvɔ̃ɖi wɔla sia agbagbee. Tete Trakiatɔwo ƒe sɔdola ɖeka lũ ɖe edzi eye wosẽ eƒe abɔ. Ale Gorgias sí dzo va do ɖe Marisa.
36Va de asi na ɣeyiɣi sia la, Esdris kple eŋumewo nɔ aʋa wɔm ɣeyiɣi didi aɖe eye ɖeɖi te wo ŋu. Yuda do gbe ɖa na Aƒetɔ la be wòaɖe eɖokui afia abe ame si le wo dzi kple yewo kplɔla le aʋa me la ene. 37Le wo tɔgbuiwo ƒe gbe me la, edo aʋaɣli hede asi hadzidzi me. Tete wòlũ ɖe Gorgias ƒe aʋawɔlawo dzi, esi wonɔ vo me, eye wònyà wo de gbe.
Gbedodoɖawo ɖe ŋutsu siwo wowu le aʋagbedzi la ta
38Tete Yuda ƒo eƒe aʋakɔ la nu ƒu eye woyi ɖe Adulam-du me. Ŋkeke adrẽa gbe le ɖoɖom, ale wokɔ wo ɖokui ŋu eye woɖu dzudzɔgbe la le afi ma.
39Evea gbe, abe ale si wòhiã azɔ ene la, Yuda kple eƒe amewo yi ɖakɔ ame siwo tsi aʋa la gbɔe bene woaɖi wo ɖe woƒe ƒomeawo dome le wo tɔgbuiwo ƒe ameɖiƒe. 40#Mos V, 7.25.Tete wokpɔ nu tɔxɛ aɖe siwo ŋu wokɔ na legba siwo wosubɔna le Yamnia la le ame kukuawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe dziwui te, nu si se la tsri na Yudatɔwo be woado la. Ale eme kɔ na wo katã be esia tae ame siawo tsi aʋa ɖo. 41Eya ta wo katã wokafu Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, ƒe mɔwo katã, ame si ɖea nu ɣaɣlawo ɖe go. 42Wotrɔ ƒo koko, do gbe ɖa be nuvɔ̃ sia si wowɔ la, natutu ɖa keŋkeŋ. Yuda bubume la, xlɔ̃ nu ameawo be woate wo ɖokui ɖa tso nuvɔ̃ gbɔ be woavo, elabe wokpɔ nu si dzɔ ɖe nuvɔ̃ si ame siwo tsi aʋa la wɔ la kple woawo ŋutɔ ƒe ŋkuwo. 43Ena hã be ŋutsu sia ŋutsu dzɔ nu, si ƒe home anye klosaloga kilo eve. Eɖoe ɖe Yerusalem be woatsɔ awɔ nuvɔ̃vɔsa. Le esia wɔwɔ me la, ewɔe nyuie ŋutɔ kple bubu, elabe ebu tsitretsitsi la ŋu kpɔ. 44Elabe ne ɖe mele mɔkpɔkpɔ me be ame siwo ku la agafɔ ɖe tsitre o la, anye nu gbɔlo kple movinu be woado gbe ɖa ɖe ameyinugbeawo ta. 45Ke ne ele mɔ kpɔm na teƒeɖoɖo nyui si le ame siwo dɔ alɔ̃ le mawulɔlɔ̃ me si la, lalam la, ekem enye susu kɔkɔe, dzadzɛ aɖe. Eya tae wòxe fe ɖe ame kukuawo ta ɖo, ale be woaɖe wo tso woƒe nuvɔ̃ me.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.