Fiawo II 7
7
1Elisa ɖo eŋu be: “Se Aƒetɔ ƒe gbe. Aƒetɔ be: ‘Etsɔ ɣealeawoɣi la, wɔ memee kilo etɔ̃ loo, alo lu kilo ade axɔ klosaloga ɖeka le Samaria ƒe agbo nu.’ ” 2Gake fia ƒe aʋakplɔla si ƒe abɔ ŋu fia la ziɔ ɖo la gblɔ na Mawu ƒe ame la be: “Ne Aƒetɔ aɖe fesre ɖe dziŋgɔli ŋu gɔ̃ hã la, ɖe esia ava emea?” Elisa ɖo eŋu be: “Kpɔ ɖa, àkpɔ eteƒe kple wò ŋku, gake màɖu ɖeke o.”
Siria-ʋakɔ la dzo
3Azɔ ŋutsu ene siwo le ŋutigbalẽdɔ si amewo vɔ̃na la lém la le dua ƒe agbo nu. Wogblɔ na wo nɔewo be: “Nu ka ta míabɔbɔ nɔ afii, aku? 4Ne míegblɔ be míage ɖe dua me la, dɔwuame le afi ma, míaku ɖi. Ke ne míebɔbɔ nɔ afi sia hã, míele kuku ge, eya ta mina míagblẽ mía tɔwo ɖi ayi Siriatɔwo ƒe asaɖa me. Ne wona míetsi agbe la, ekema míetsi agbe. Ne wowu mí la, ekema míeku ko evɔ.” 5Ale esi anyigba le tsyɔtsyɔm la, woɖo ta Siriatɔwo ƒe asaɖa me. Ke esi woɖo asaɖa la to la, ame aɖeke kura meli o. 6Elabe Aƒetɔ la na Siria-ʋakɔ la se tasiaɖamwo kple sɔwo kpakple aʋakɔwo ƒe hoowɔwɔ gã aɖe gbɔna. Ale wogblɔ na wo nɔewo be: “Mikpɔ ɖa, Israel-fia ɖatsɔ aʋa Hiti-fiawo kple Egipte-fiawo kpakple woƒe aʋakɔwo ɖe mía ŋu. 7Eya ta Siriatɔwo sí, gblẽ woƒe agbadɔwo, sɔwo kple tedziwo ɖi dzo; ame sia ame le eƒe agbe ta ʋlim, esime anyigba le tsyɔtsyɔm. 8Esi ŋutigbalẽdɔléla siawo va asaɖaa ƒe mlɔenu la, woge ɖe agbadɔ aɖe me eye woɖu nu, no nu. Azɔ wotsɔ klosalo, sika kple awuwo le eme yi ɖaɣla. Wogbugbɔ yi ɖe asaɖaa me, ge ɖe agbadɔ bubu me, eye wogalɔ nu siwo le afi ma la hã yi ɖaɣla. 9Ke wogblɔ na wo nɔewo be: “Nu si wɔm míele la menyo o. Nya nyui aɖee va na mí egbea. Ne míalala va se ɖe ŋu nake la, woabu fɔ mí. Eya ta mina míaɖagblɔe le fiaƒeme.” 10Ale woyi ɖayɔ agbonudzɔlawo gblɔ na wo be: “Míede Siriatɔwo ƒe asaɖa me, ke ame aɖeke meli o; míese nuƒo aɖeke hã o. Wode ka sɔwo kple tedziwo ɖi, eye agbadɔwo hã li. Nuawo li alea míekpɔ.” 11Agbonudzɔlaawo ɖe gbeƒã nya la, eye fiaƒemetɔwo see. 12Fia la fɔ le zã ma me gblɔ na eƒe dɔlawo be: “Magblɔ nu si Siriatɔwo ɖo ɖe mía ŋu la na mi. Wonya be dɔ le mía wum, eya ta wodzo le asaɖa la me ɖabè ɖe gbe me kple susu be míele go do ge le dua me, ekema yewoalé mí agbagbee age ɖe dua me.” 13Eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka xɔ edzi gblɔ be: “Na míadɔ ame, woatsɔ sɔ atɔ̃ siwo susɔ la be woaɖakpɔ nu si tututu dzɔ la ava gblɔ na mí, elabe ame siwo susɔ le dua me la, kuku ge ko woala abe ame siwo ku xoxo la ene.” 14Ale woɖe ame kple tasiaɖam eve kpakple sɔwo dɔ ɖe Siriatɔwo ƒe asaɖa la me, ne woaɖakpɔ nu si dzɔ la. 15Woti wo yome va ɖo keke Yordan nu ke. Awu kple aʋawɔnu siwo Siriatɔwo tsɔ ƒu gbe esime wole sisím la ko wokpɔ le mɔa dzi fũu. Ale amedɔdɔawo gbɔ va gblɔe na fia.
16Tete dukɔ la do go yi ɖaha nuwo le Siriatɔwo ƒe asaɖa la me. Ale wɔ memee kilo etɔ̃ alo lu kilo ade xɔ klosaloga ɖeka le Aƒetɔ ƒe nya la nu. 17Ke fia la ɖe aʋakplɔla si ƒe abɔ ŋu wòziɔna ɖo la ɖo agboa nu. Tete dukɔ la zɔ edzi, fanyae ɖe agboa nu wòku, abe ale si Mawu ƒe ame la gblɔ esime fia la va egbɔ ene. 18Esi Mawu ƒe ame la gblɔ na fia la be: “Lu kilo ade alo wɔ kilo etɔ̃ axɔ klosaloga ɖeka pɛ ko le Samaria-dua ƒe agbo nu etsɔ ɣealeawoɣi” la, 19aʋakplɔla sia, si ƒe abɔ ŋu fia ziɔna ɖo la xɔ edzi gblɔ na Mawu ƒe ame la be: “Ne Aƒetɔ aɖe fesre ɖe dziŋgɔli ŋu gɔ̃ hã la, ɖe esia ava emea?” Elisa gblɔ nɛ be: “Àkpɔ eteƒe kple wò ŋkuwo, gake màɖu ɖeke o.” 20Edzɔ ɖe edzi nenema; dukɔ la zɔ edzi, fanyae ɖe agboa nu, wòku.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.