رفتن به محتوا

Fiawo II 6

6
Elisa ɖe fía si ge ɖe tɔ me
1Gbe ɖeka la, Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na Elisa be: “Teƒe si míele le gbɔwò la, xaxa na mí akpa. 2Taflatsɛ, míedi be míayi Yordan nu aɖadi ati le afi ma. Mía dome ame sia ame atso ɖeka ne míatu nɔƒe si míanɔ la ɖe afi ma.” Elisa ɖo eŋu be: “Miheyi!” 3Ke wo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, va míyi.” Eɖo eŋu be: “Mayi baa.” 4Ale wòyi kpli wo. Wova ɖo Yordan nu, eye wode asi atiawo tsotso me. 5Eva eme be esi wo dometɔ ɖeka le atia tsom la, eƒe fía tu ge ɖe tɔa me. Edo ɣli be: “Ao, nye aƒetɔ! Ðe meɣee hafi lo!” 6Ke Mawu ƒe ame la biae be: “Afi ka wòge dze?” Efia teƒe lae. Elisa tso ati aɖe, eye wòdae ɖe afi ma. Tete fía la ho ɖe tsia dzi. 7Elisa gblɔ nɛ be: “Ðee!” Ale wòdo asi ɖa ɖee.
Israelviwo ɖu Siria-ʋakɔ dzi
8Eva eme be Siria-fia ho aʋa ɖe Israel ŋu. Ede adaŋu kple eƒe aʋakplɔlawo, eye wotia teƒe si woaƒu asaɖa anyi ɖo la. 9Ke Mawu ƒe ame la dɔ ame ɖe Israel-fia be: “Kpɔ nyuie, mègato afi sia o elabe Siriatɔwo gbɔna afi ma.” 10Ale Israel-fia dɔ ame ɖe eƒe aʋakplɔla si le teƒe si Mawu ƒe ame la fiae la, eye wòɖo afɔ afɔ ta nɛ ale wòkpɔ eɖokui dzi nyuie. Menye zi ɖeka, menye zi eve o.
11Nu sia na Siria-fia tɔtɔ ŋutɔ, eye wòyɔ eŋumewo, bia wo be: “Mimagblɔ mía dome ame si le Israel-fia dzi la nam oa?” 12Wo dometɔ ɖeka ɖo eŋu be: “Nye aƒetɔ fia, menye mía dometɔ aɖeke ye o. Ke boŋ Elisa, Mawu ƒe gbeƒãɖela si le Israel lae. Eyae gblɔa wò xɔgãmenya na Israel-fia la.” 13Fia la gblɔ be: “Miyi ɖadi teƒe si wòle la, ne madɔ ame woaɖalée vɛ.” Wogblɔ nɛ be ele Dotan. 14Ale edɔ aʋakɔ gã aɖe ɖa. Wotsɔ sɔwo kple tasiaɖamwo yi ɖaɖe to ɖe dua le zã me. 15Esi Mawu ƒe ame la ƒe dɔla fɔ ŋdi kanya, eye wòdo ɖe xexe la, kpɔ ɖa, aʋakɔ kple sɔwo kpakple tasiaɖamwo ƒo xlã dua. Dɔla la biae be: “Ao, nye aƒetɔ! Nu ka wɔ ge míala?” 16Elisa ɖo eŋu be: “Mègavɔ̃ o, elabe ame siwo le mía dzi la sɔ gbɔ wu ame siwo le wo dzi.” 17Ale Elisa do gbe ɖa be: “Aƒetɔ ʋu eƒe ŋkuwo, ne wòakpɔ nu!” Tete Aƒetɔ ʋu dɔlaa ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo fũu le toa ŋu, woƒo xlã Elisa. 18Esi Siria-ʋakɔ la ɖi abu, lũ ɖe Elisa dzi la, Elisa do gbe ɖa na Aƒetɔ be: “Meɖe kuku, nà ameha sia ƒe ŋku nagbã!” Ale Aƒetɔ na ameawo ƒe ŋku gbã abe ale si Elisa biae ene. 19Tete Elisa gblɔ na wo be: “Menye mɔ lae nye esia o, eye menye du la hãe nye esia o. Mikplɔm ɖo, ne míayi ŋutsu si dim miele la gbɔ”, eye wòkplɔ wo yi Samaria.
20Esi woɖo la, Elisa gblɔ be: “Aƒetɔ, ʋu ame siawo ƒe ŋkuwo, ne woakpɔ nu!” Ale Aƒetɔ ʋu woƒe ŋkuwo, kasia wokpɔ be yewole Samaria-dua titina. 21Esi Israel-fia kpɔ ameawo la, ebia Elisa be: “Tɔ́nye, mawu woa? Mawu wo hã?” 22Eɖo eŋu be: “Gbeɖe! Ɖe nàwu ame siwo nètsɔ wò yi kple dati, ɖe aboyoe laa? Na abolo kple tsi wo, ne woaɖu nu, ano nu, eye woagbugbɔ ayi woƒe aƒetɔ gbɔ.” 23Ale Israel-fia ɖo kplɔ̃ gã aɖe na wo; woɖu nu, no nu, eye wòdo mɔ wo woyi woƒe aƒetɔ gbɔ. Tso esia dzi la, Siriatɔwo ƒe adzohawo megava Israel-nyigba dzi o.
Siria ho aʋa ɖe Samaria ŋu. Dɔ to le afi ma
24Esiawo megbe la, Siria-fia Ben-Hadad ƒo eƒe aʋakɔwo katã nu ƒu, eye wòva ɖe to ɖe Samaria-dua. 25Dɔ gã aɖe to le Samaria. Kpɔ ɖa, futɔwo ɖe to ɖee ale gbegbe be tedzita ɖeka xɔ klosaloga bla enyi, eye ahɔnɛmi kpekpeme gram alafa eve xɔ klosaloga atɔ̃. 26Eva eme be Israel-fia nɔ tsa ɖim le dua ƒe gli dzi, eye nyɔnu aɖe do ɣli yɔe be: “Nye aƒetɔ fia, xɔ nam!” 27Eɖo eŋu be: “Esi Aƒetɔ mexɔ na wò o la, ale ke mawɔ axɔ na wò? Mato lugbɔƒea loo, alo wainfiãƒea?” 28Fia la yi edzi biae be: “Nu kae le wɔwòm?” Eɖo eŋu be: “Nyɔnu sia gblɔ nam be: ‘Na míaɖu viwò ŋutsu egbe, eye etsɔ la, míaɖu tɔnye.’ 29#Mos V, 28.57; Konyi 4.10. Ale míeɖa tɔnyea ɖu. Esi ŋu ke la, megblɔ nɛ be: ‘Tsɔ viwò ŋutsua vɛ ne míaɖu, ke eya tsɔ via ŋutsua ɣla.’ ” 30Esi fia la se nyɔnua ƒe nyaawo la, edze eƒe awuwo. Azɔ esi wònɔ dua ƒe glia dzi zɔm ta la, amewo kpɔ be eta akpanya ɖe awu gɔme. 31Edo ɣli gblɔ be: “Mawu newum maku, agaku! Ne Elisa, Safat vi, ƒe ta aganɔ enu egbe fĩi!” 32Ale edɔ ame ɖa do ŋgɔ. Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Elisa le aƒeme. 33Mekpɔ ɖe nu le nyaa me o, kasia fia la#6.33: Fia la: Hebri-gbe la be: amedɔdɔa. nye esi va do. Egblɔ be: “Dzɔgbevɔ̃e sia tso Aƒetɔ gbɔ. Nu ka ta maganɔ Aƒetɔ ƒe asi nu kpɔm?”