Fiawo II 8
8
Nyɔnu si tso Sunem la trɔ gbɔ
1 #
Fia II, 4.8-37. Eva eme be Elisa gblɔ na nyɔnu si vi wògbɔ agbee la be: “Aƒetɔ le nana ge dɔ ato le anyigba sia dzi ƒe adrẽ eya ta kplɔ wò aƒemetɔwo ne míadzo aɖanɔ afi aɖe gbɔ.” 2Ale nyɔnua tso wɔ Mawu ƒe ame la ƒe nyaa dzi. Ekplɔ eƒemetɔwo dzoe, eye woɖanɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ƒe adrẽ. 3Le ƒe adrẽa megbe la, nyɔnua gbɔ tso Filistitɔwo ƒe anyigba la dzi. Eyi fia la gbɔ be yeaɖe kuku nɛ ne wòatrɔ yeƒe aƒe kple agble na ye. 4Fia la nɔ nu ƒom kple Gexazi, Mawu ƒe ame ƒe dɔla, esime nyɔnua va ɖo. Fia la gblɔ na Gexazi be: “Gblɔ nu gã nu gã siwo katã Elisa wɔ la nam.” 5Esime Gexazi le ale si Elisa gbɔ agbe ame kuku la gblɔm na fiaa la, nyɔnua va ɖe kuku na fiaa be wòatrɔ yeƒe aƒe kple agble na ye. Gexazi gblɔ na fiaa be: “Nye aƒetɔ fia, nyɔnua nye esi; via si Elisa gbɔ agbee la hã nye esi.” 6Tete fiaa bia nyɔnua be neto nu si dzɔ la na ye, eye wògblɔe nɛ. Fia la ɖe eƒe dɔdzikpɔlawo dometɔ ɖeka kpe ɖe eŋu gblɔ be: “Gbugbɔ nyɔnu sia ƒe nuwo katã nɛ. Tsɔ viɖe siwo katã wokpɔ le eƒe agblea me tso gbe si gbe wòdzo le anyigba la dzi va se fifi la hã nɛ.”
Elisa kple Siria-fia Ben-Hadad
7Elisa va Damasko esime Siria-fia Ben-Hadad le dɔ lém. Wogblɔ na fia la be: “Mawu ƒe ame va afi sia!” 8Ale fia la gblɔ na Xazael be: “Tsɔ nunana aɖe ɖe asi yi na Mawu ƒe ame la. Na wòabia gbe Aƒetɔ na wò be àhaya le dɔléle sia me hã.” 9Ale Xazael yi ɖakpɔe kple nunana nyuitɔ vovovo siwo le Damasko la; wole kposɔ bla ene ƒe agbatsɔtsɔ. Esi wòva ɖo la, etsi tsitre ɖe Elisa gbɔ, gblɔ nɛ be: “Viwò Siria-fia Ben-Hadad ye dɔm ɖe gbɔwò. Ebe mabia wò be: ‘Mahaya le dɔ sia mea?’ ” 10Elisa ɖo eŋu be: “Yi ɖagblɔ nɛ be: ‘Àhaya godoo’ gake Aƒetɔ ɖee fiam be èle kuku ge kokoko.” 11Elisa lé ŋku ɖe Xazael dzi gãa aɖabamaƒomaƒoe va se ɖe esime ŋukpe Xazael. Mawu ƒe ame la de asi avifafa me. 12Tete Xazael biae be: “Nye aƒetɔ, nu ka ta nèle avi fam?” Elisa ɖo eŋu be: “Elabe menya nuvɔ̃ɖi si wɔ ge nèle ɖe Israelviwo ŋu: Àtɔ dzo woƒe mɔ́wo, àwu woƒe ɖekakpuiwo kple yi, àxlã woƒe vidzĩwo ɖe nu, eye àdze ƒo le woƒe funɔwo nu.” 13#Fia I, 19.15. Xazael bia be: “Nu ka nye, wò dɔla menye? Nye avu, afi ka makpɔ ŋusẽ tsoe awɔ nu sia gbegbee?” Elisa ɖo eŋu be: “Aƒetɔ ɖee fiam be wòe gbɔna fia ɖu ge ɖe Siria dzi.” 14Tete wòdzo le Elisa gbɔ yi eƒe aƒetɔ gbɔ. Eƒe aƒetɔa biae be: “Nya ka Elisa gblɔ na wò?” Xazael ɖo eŋu be: “Ebe èle hayahaya ge.” 15Gake esi ŋu ke la, etsɔ abadzivɔ de tsi me hetsyɔ mo na fia la wòku. Ale Xazael zu fia ɖe eteƒe.
Yuda-fia Yoram
16Le Israel-fia Yoram, Axab vi, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè atɔ̃lia me la, Yehoram, Yosafat vi zu fia. 17Exɔ ƒe bla etɔ̃ vɔ eve esime wòva zia dzi. Eɖu fia le Yerusalem ƒè enyi. 18Eto Israel-fiawo ƒe ʋe me, eye wòwɔ nu abe Axab fiaƒome la ene elabe eɖe Axab vinyɔnu. Ewɔ nuvɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume. 19#Fia I, 11.36. Gake Aƒetɔ medi be yeatsrɔ̃ Yuda o, elabe edo ŋugbe na David be yeana akaɖi aɖe eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.
20 #
Mos I, 27.40. Le Yehoram ƒe fiaɖuɣi la, Edom dze aglã ɖe Yuda-dukɔa ƒe dziɖuɖu ŋu, eye wòɖo fia na eɖokui. 21Tete Yoram ho kple eƒe tasiaɖamwo katã yi Zair, afi si Edomtɔwo ɖe to ɖe eƒe aʋakɔwo le. Esi wòfɔ le zã me la, ekpɔ be Edomtɔwo ɖe to ɖe ye kple woƒe tasiaɖam-megãwo, ke edze wo, eye dukɔ la sí yi yi woƒe nɔƒewo. 22Ale Edom dze aglã ɖe Yuda-dziɖuɖu ŋu va se ɖe egbe. Ɣeyiɣi sia me kee Libna hã dze aglã. 23Yoram ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu bubu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe “Yuda-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me. 24Yoram ku eye woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ le David ƒe du la me, eye via Axazya zu fia ɖe eteƒe.
Axazya zu fia le Yuda
(Kron II, 22.1-6)
25Le Israel-fia Yoram, Axab vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui evelia me la, Axazya, Yuda-fia Yoram vi zu fia. 26Exɔ ƒe bla eve vɔ eve esime wòva zi dzi. Eɖu fia le Yerusalem ƒe ɖeka. Nɔa ŋkɔ nye Atalya, ame si nye Israel-fia Omri vinyɔnu. 27Axazya tsɔ Axab fiaɖuƒomea ƒe afɔ, eye wòwɔ nuvɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume elabe enye Axab ƒome la to.
28Axazya kpe ɖe Yoram, Axab vi ŋu woho aʋa ɖe Siria-fia Xazael ŋu le Ramot-Gilead, eye Siriatɔwo de abi Yoram ŋu. 29Fia Yoram gbɔ va Yezreel be woada abi si Siriatɔwo de eŋu le Rama, esime wòwɔ aʋa kple Siria-fia Xazael nɛ. Yuda-fia Axazya, Yoram vi, yi be yeakpɔ Yoram ɖa le Yezreel elabe ele dɔ lém.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.