Fiawo II 5
5
Elisa da gbe le Naeman ŋu
1 #
Luk 4.27. Naeman nye Siria-fia ƒe aʋakplɔla. Enye fiaa ƒe ame vevi, eye wòbunɛ ŋutɔ elabe eya dzie Aƒetɔ to na Siria-ʋakɔwo ɖu dzi. Enye asrafo kalẽtɔ, gake ŋutigbalẽdɔ aɖe le eŋu. 2Esi Siriatɔwo yi adzogbe le Israel-nyigba dzi la, woɖe aboyo nyɔnuvi sue aɖe si va le Naeman srɔ̃ subɔm. 3Nyɔnuvia gblɔ na eƒe aƒenɔ be: “A! Ne nye aƒetɔ ɖe wòayi Mawu ƒe gbeƒãɖela gbɔ le Samaria la, ada gbe le eŋu.” 4Naeman yi Siria-fia la gbɔ ɖagblɔ nu si nyɔnuvia gblɔ la nɛ. 5Fia la be: “Ekema heyi; maɖo agbalẽ ɖee.”
Ale Naeman dze mɔ. Etsɔ klosaloga akpe bla etɔ̃, sikaga akpe ade kple atsyɔ̃ɖowu, dodo ewo ɖe asi. 6Lɛta si wòtsɔ na Israel-fia la me nyawo nye esi: “Mele nye dɔla Naeman ɖom ɖe wò kple lɛta sia be nàda ŋutigbalẽdɔ si le eŋu la nɛ.” 7Esi Israel-fia xlẽ agbalẽa la, edze eƒe awuwo gblɔ be: “Mawue menye wua ame gagbɔa agbeea? Ale ke wɔ wòɖo ŋutsu sia ɖe gbɔnye be mada ŋutigbalẽdɔ sia nɛ mahã? Mikpɔ ale si wòle ge dim le ŋunye la ɖa!”
8Ke esi Elisa, Mawu ƒe ame la, se be Israel-fia dze eƒe awuwo la, edɔ ame ɖe egbɔ be: “Nu ka ta nèdze wò awuwo? Ðo ŋutsua ɖem ne maɖee fiae be Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖe le Israel.” 9Ale Naeman kple eƒe sɔwo kpakple tasiaɖam va tɔ ɖe Elisa ƒe agbo nu. 10Elisa dɔ ame ɖo ɖee be: “Yi ɖado ɖi ɖe Yordan me zi adrẽ ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo, eye ŋuwò akɔ.” 11Tete Naeman do dziku, dzo yina be: “Mikpɔ ɖa, nyea mebu be eya ŋutɔ ava tsi tsitre ɖe gbɔnye, ayɔ Aƒetɔ, eƒe Mawu la ŋkɔ, anyè asi dɔteƒeawo dzi eye wòada gbe le ŋunye. 12Ðe Abana#5.12: ABANA: Gɔmeɖeɖe aɖewo be: Amana. kple Farpar, Damasko-tɔsisiwo, menyo wu Israeltɔwo katã oa? Ɖe nyemate ŋu ale tsi le wo me ŋunye nakɔ oa?” Ale wòtrɔ dzo yina kple dziku. 13Tete eƒe dɔlawo te ɖe eŋu gblɔ nɛ be: “Tɔ́nye, ne Mawu ƒe gbeƒãɖela la ɖe wògblɔ na wò be nàwɔ nu sesẽ aɖe ɖe, màwɔe oa? Fifia, ɖeko wògblɔ na wò be: ‘Yi ɖale tsi; ŋuwò akɔ’; ko màwɔe oa?” 14Ale Naeman ɖi abu ɖado ɖi ɖe Yordan me, zi adrẽ, abe ale si Mawu ƒe ame la gblɔ ene. Eƒe ŋutigbalẽ ɖɔ ɖo abe ŋutsuvi dzaa tɔ ene, eye eŋu kɔ.
15Tete eya kple ame siwo katã le eŋu la gbugbɔ yi Mawu ƒe ame la gbɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Medze sii azɔ be Mawu aɖeke mele xexeme ƒe afi aɖeke o; negbe le Israel ko. Azɔ taflatsɛ, nunana aɖe nye esi tso wò dɔla gbɔ.” 16Ke Elisa ɖo eŋu be: “Metà Aƒetɔ gbagbe, si mesubɔna la, nyemaxɔ naneke o.” Naeman ƒoe ɖe enu, gake egbe. 17Ale Naeman gblɔ be: “Ekema meɖe kuku, nà woaku anyi tedzisɔ eve ƒe tsɔtsɔ nu na wò dɔla elabe tso azɔ dzi la, nyemagasa vɔ alo ame nu na mawu bubu aɖeke o, negbe Aƒetɔ ko. 18Ðeko nàtsɔ nu ɖeka sia ke wò dɔla: ne nye aƒetɔ fia la ziɔ ɖe nye abɔ ŋu yi Rimon subɔƒe, eye mede ta agu na Rimon la, Aƒetɔ netsɔ kem.” 19Elisa gblɔ nɛ be: “Heyi le ŋutifafa me!”
Ke esi Naeman dzo yina ʋɛ ko la, 20Gexazi, si nye Mawu ƒe ame Elisa, ƒe dɔla la, gblɔ le eɖokui me be: “Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ nyo dɔme na Naeman, Siriatɔ sia akpa. Mexɔ nu si wòtsɔ vɛ la ƒe ɖeke o. Metà Aƒetɔ ƒe agbe; madze eyome aɖaxɔ nane le esi godoo!” 21Ale Gexazi dze Naeman yome. Esi Naeman kpɔ be ame aɖe kplɔ ye ɖo le du dzi gbɔna la, eɖi le tasiaɖam la me ɖakpee. Ebiae be: “Eme faa?” 22Eɖo eŋu be: “Eme fa; ke nye aƒetɔ dɔm ɖa be magblɔ na wò be: ‘Kpɔ ɖa, ɖekakpui eve siwo nye gbeƒãɖelawo ƒe nusrɔ̃lawo la tso Efrayim-tonyigba dzi, va dzem fifi laa. Meɖe kuku, na klosaloga akpe etɔ̃ kple atsyɔ̃ɖowu, dodo eve wo.” 23Naeman ɖo eŋu be: “Taflatsɛ, xɔ akpe ade dzro!” Eƒoe ɖe enu, eye wòbla klosaloga la ɖe kotoku eve me hetsɔ atsyɔ̃ɖowu, dodo eve kpe ɖe eŋu nɛ. Naeman tsɔ nuawo na eƒe dɔla eve wotsɔ dze Gexazi ŋgɔe. 24Esi wova ɖo togbɛa dzi la, Gexazi xɔ nuawo le ŋutsuawo si dzra ɖo ɖe eƒeme, eye wòdo mɔ wo, wotrɔ dzo. 25Gexazi yi eme ɖatsi tsitre ɖe eƒe aƒetɔ gbɔ. Elisa biae be: “Gexazi afi ka nètso?” Eɖo eŋu be: “Nye aƒetɔ, wò dɔla medo yi afi aɖeke o.” 26Ke Elisa gblɔ nɛ be: “Ðe nye gbɔgbɔ meyi kpli wò, esime ŋutsua trɔ heɖi le eƒe tasiaɖam me va kpe wò oa? Klosalo kple awu xɔɣi nye esia? Amitiwo kple waingble xɔɣie nye esia? Alẽ kple nyihawo xɔɣie nye esia? Kluvi kple kosiwo xɔɣie nye esia? 27Le esia ta Naeman ƒe ŋutigbalẽdɔ la adre ɖe wò kple wò dzidzimeviwo ŋu tegbee!” Tete Gexazi dzo le egbɔ, eye ŋutigbalẽdɔ la ƒo ɖe eŋu wòfu kpii abe tsikpe ene.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.