Korintotɔwo II, 8
8
Kristotɔwo ƒe nunana
1 #
Rom 15.26. Nɔviwo, míedi be mianya nu si Mawu ve hame siwo le Makedonia la nu wote ŋu wɔ la. 2Wote wo kpɔ le fukpekpe sesẽ me. Togbɔ be woda ahe ŋutɔ hã la, wokɔ dzime na nu geɖe kple dzidzɔ. 3Mate ŋu aɖi ɖase be wotsɔ woawo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu na nu faa le woƒe ŋutete nu. Megblɔ be wona nu wu woƒe ŋutete gɔ̃. 4Woɖe kuku vevie be míaɖe mɔ na yewo be yewo hã yewoakpɔ gome le subɔsubɔdɔ si wɔm míele na ame siwo ŋu wokɔ la me. 5Míekpɔ mɔ na esia kura hafi o. Gbã la, woɖe asi le wo ɖokui ŋu na Aƒetɔ la, eye emegbe to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la, woɖe asi le wo ɖokui ŋu na míawo hã. 6Le esia ta, míebia tso Tito si vevie be esi wove enu, wòdze dɔ sia wɔwɔ gɔme le mia dome xoxo ta la, neyi edzi ne wòawɔe awu enu. 7Fifia la, miede blibo keŋ le nu sia nu me. Miaƒe xɔse, nuƒoƒo kple nunya de blibo. Miedoa vevie nu le nu sia nu me, eye mielɔ̃ mí ŋutɔ. Esia ta mikpɔ egbɔ be yewozu blibo le amenuvedɔ sia hã me.
8Nyemele esia gblɔm abe sedede ene o, ke matsɔ ame bubuwo ƒe vevidodo aɖo mia ŋkume ne makpɔe ɖa be miawo hã miaƒe lɔlɔ̃ de blibo mahã. 9Mienya ale si mía Aƒetɔ Yesu Kristo ve mía nui. Kesinɔtɔ wònye hafi, ke le mia ta la, eva da ahe, ale be miawo miato eƒe ahedada me ava zu kesinɔtɔwo. 10Mele aɖaŋu ɖom na mi le nya sia me be anyo ne miawu dɔ si gɔme miedze le ƒe si va yi me la nu. Miawoe nye hame gbãtɔ, si di be yeawɔ dɔ sia, eye miawoe dze egɔme gbã hã. 11Fifia la, ele be miawu dɔ si gɔme miedze la nu. Ale si wònye miaƒe didi vevie le ɣe ma ɣi me be yewoawɔ dɔ sia la, mitsɔ nu siwo le mia si la wɔe wu enui. 12Elabe ne enye ame aɖe ƒe didi vevie be yeana nu la, nu si wòna lae Mawu xɔna, ke menye nu si mele esi o la o. 13Menye ɖe mele gbɔgblɔm be ele be miawɔ ame bubuwo ƒe agba wòazu wodzoe, ke miawo ya mia tɔ nagakpe ɖe dzi o. 14Ke be nuwo nasɔ la, ele be woakpɔ gome le nu siwo sɔ gbɔ ɖe mia si fifia la me, elabe hiã tu wo, ale be ne hiã va tu miawo hã emegbe la, miakpɔ gome le nu siwo sɔ gbɔ ɖe woawo hã wo si la me. Ale nu sia nu asɔ pɛ le go sia go me. 15#Mos II, 16.18. Woŋlɔ ɖe mawunya me be, “Ame si ƒo nu geɖe nu ƒu la, nu geɖe menɔa esi o. Ame si ƒo nu ʋɛ aɖe nu ƒu la, nu mehiãnɛ o.”
Tito kple exɔlɔ̃wo
16Ke akpe ko míada na Mawu be wòna Tito hã do vevie be yeakpe ɖe mia ŋu abe míawo ke ene. 17Esi míedi tso esi be wòava mia gbɔ la, elɔ̃; ke enye eya ŋutɔ ƒe didi vevie xoxo be yeava. 18Míele eya kple nɔvi si hameawo katã kafuna, le ale si wòkakaa Nyanyui lae ta la, ɖom ɖe mi. 19Hekpe ɖe esia ŋu la, hameawo tiae be wòazɔ mɔ kpli mí hena amenuvedɔ sia wɔwɔ. Dɔ sia la, ɖe míele ewɔm be woatsɔ akafu Aƒetɔ lae, eye míatsɔ aɖe ale si míedi vevie be míawɔe la afia. 20Míelé mía ɖokui nyuie, ale be ame aɖeke nagahe nya ɖe mía ŋu le ale si míewɔ nunana sia, si wona kple dzi faa la ŋudɔe o. 21#Lod 3.4. Elabe míaƒe taɖodzinue nye be míawɔ nu si nyo le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume. 22Ale míele mía nɔvi sia ɖom ɖa kpe ɖe wo ŋu. Míedoe kpɔ zi geɖe, eye míekpɔ be enye ame si doa vevie nu le nu geɖe me. Gawu la, exɔ mia dzi se azɔ ŋutɔ, eya ta wògadi vevie wu be yeakpe ɖe mia ŋu. 23Le Tito gome la, enye xɔ̃nye kple hadɔwɔla le subɔsubɔdɔ si wɔm míele na mi la me. Le mía nɔvi bubuawo gome la, hameawo ƒe dɔlawo wonye, eye wodea bubu Kristo ŋu. 24Eya ta miɖe miaƒe lɔlɔ̃ kple ale si míetsɔa mi ƒoa adegbee la fia ame siawo, ale be hameawo katã nanya.
اکنون انتخاب شده:
Korintotɔwo II, 8: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.