Kronika II 27
27
Yuda-fia Yotam
(Fia II, 15.32-38)
1Yotam va zu fia esime wòxɔ ƒe bla eve vɔ atɔ̃, eye wòɖu fia ƒe wui ade le Yerusalem. Nɔae nye Yerusa, Zadok vinyɔnu. 2Yotam wɔ nu si dze Aƒetɔ ŋu abe tɔ́a Uziya ene, negbe ɖeko eya mege ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me o. Ke dukɔ la ganɔ nu gbegblẽ wɔwɔ dzi ko. 3Yotam ye tu Dzigbegbo ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la ŋu. Eya kee gaɖo Ofel si nye Yerusalem ŋu gli la yi edzi. 4Etso duwo ɖe towo dzi le Yuda, eye wòtu mɔ́wo kple gbetakpɔxɔwo ɖe ave siwo le tonyigba dzi la me. 5Ewɔ aʋa kple Amonviwo ƒe fia, eye wòɖu wo dzi. Ƒe ma me la, Amonviwo xe adzɔ nɛ. Woxe klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene, lu ton akpe ɖeka kple ƒo ton akpe ɖeka. 6Ale Yotam kpɔ ŋusẽ elabe eɖɔ ŋu ɖo le Aƒetɔ, eƒe Mawu la ŋkume. 7Yotam ƒe nuwɔnawo, eƒe aʋa siwo katã wòwɔ kple eƒe agbenɔnɔ la, woŋlɔ wo ɖe Israel kple Yuda-fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ la me. 8Yotam xɔ ƒe bla eve vɔ atɔ̃ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wui ade le Yerusalem. 9Yotam ku eye woɖii ɖe David ƒe du la me. Via Axaz zu fia ɖe eteƒe.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.