رفتن به محتوا

Kronika II 28

28
Yuda-fia Axaz
(Fia II, 16.1-4)
1Axaz xɔ ƒe bla eve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wui ade le Yerusalem. Eya mewɔ nu si dze Aƒetɔ ŋu abe tɔgbuia David ene o, 2boŋ ewɔ nu abe Israel-fiawo ene. Eya kɔ̀ legbawo na Baalwo. 3Axaz do lifidzudzɔ le Hinom vi ƒe bali la me, eye wòme via ŋutsuwo tsɔ sa vɔe, ŋunyɔnu si dukɔ siwo Aƒetɔ nyà ɖa le Israelviwo ŋgɔ la wɔna la. 4Esa vɔ, eye wòdo lifidzudzɔ le nuxeƒewo, le togbɛwo dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te.
Israel-dukɔ kple Siria-dukɔ wɔ aʋa kple Yuda
(Fia II, 16.5)
5 # Fia II, 16.5; Yes 7.1. Eya ta Aƒetɔ, eƒe Mawu la, tsɔe de asi na Siria-fia eye wòsii, ɖe aboyo eƒe ame geɖewo va Damasko. Etsɔe de asi na Israel-fia hã, ame si sii vevie ŋutɔ. 6Pekax, Remalya vi la, wu ame akpe alafa ɖeka bla eve le Yuda le ŋkeke ɖeka dzi, elabe wogblẽ Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ɖi. Ame siawo katã nye kalẽtɔwo. 7Aʋawɔla kalẽtɔ Zixri tso Efrayim-to la me wu Maaseya, fiaviŋutsu la. Egawu Azrikam, fiasã la dzikpɔla kple Elkana, ame si si ŋusẽ le kplɔ fia la ɖo. 8Israelviwo ɖe aboyo ame akpe alafa eve tso wo nɔviwo dome siwo nye nyɔnuwo, ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo, eye woha woƒe nu geɖe hã. Wotsɔ aboyonuawo va Samaria.
Mawu ƒe gbeƒãɖela Oded
9Ke Aƒetɔ ƒe gbeƒãɖela aɖe nɔ afi ma si ŋkɔe nye Oded. Eyi ɖakpe aʋakɔ si va Samaria la, eye wògblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la do dziku ɖe Yuda ŋu, eye wòna mieɖu wo dzi, ke miewu amewo le wo dome kple adã wòɖi le dziƒo. 10Fifia miele eɖom be yewoate Yuda kple Yerusalem vidzidziawo ɖe anyi, woazu kluviwo kple kosiwo na mi. Ðe esia menye fɔɖiɖi sɔŋ le Aƒetɔ, mia Mawu ŋkume oa? 11Azɔ miɖo tom! Migbugbɔ aboyome siwo mielé le mia nɔviwo dome la yii, elabe Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖe mia ŋu vevie.” 12Efrayim-tatɔwo dome ame aɖewo tsi tre ɖe Israel-ʋakɔa ƒe nuwɔna ŋu. Woawoe nye: Azarya, Taxanan vi, Berexya, Mesilemot vi, Yexizkiya, Salum vi kple Amasa, Xadlai vi. 13Wogblɔ na wo be: “Migakplɔ aboyomeawo va afii o, elabe Aƒetɔ bu fɔ mi xoxo hafi miegaɖo be yewoadzi míaƒe nuvɔ̃wo kple fɔɖiɖi ɖe edzi. Míeɖi fɔ geɖe eye Aƒetɔ ƒe dɔmedzoe le bibim ɖe Israel ŋu.” 14Ale aʋakalẽawo ɖe asi le aboyomeawo kple aboyonuawo ŋu le ameha la kple dumegãwo ŋkume. 15Tete ŋutsu siwo ŋkɔ woyɔ la tso ɖaxɔ aboyomeawo. Woɖe awu kple afɔkpa tso aboyonuawo me na ame siwo le amama la wodo. Wona woɖu nu, no nu eye wosi ami na wo. Wotsɔ ame siwo katã gbɔdzɔ la ɖo tedziwo dzi, eye wokplɔ aboyomeawo katã gbugbɔ va wo nɔviwo gbɔ le Yerixo, devedu la me. Emegbe woawo ŋutɔ gbugbɔ yi Samaria.
Axaz bia kpekpeɖeŋu tso Asiria gbɔ
(Fia II, 16.7-9)
16Ɣe ma ɣi la, fia Axaz dɔ ame ɖe Asiria-fiawo be woava xɔ na ye, 17elabe Edomtɔwo gaho va. Wosi Yuda eye woɖe aboyo amewo. 18Le ɣeyiɣi sia me la, Filistitɔwo hã va dze bali me duawo kple Yuda ƒe anyigbeme dzi. Woxɔ Bet-Semes, Ayalon kple Gederot-duwo kpakple Saxo, Timna, Gimso kple wo ŋu duwo, eye wonɔ wo me. 19Aƒetɔ bɔbɔ Yuda ɖe anyi le Israel-fia Axaz ta, elabe mena wolé fɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋu o, eye wòwɔ alakpanu ɖe Aƒetɔ ŋu. 20Ke Tiglat-Pileser, Asiria-fia meva kpe ɖe eŋu o, ke boŋ eho ɖe eŋu eye wòxaxae ɖo. 21Togbɔ be Axaz lɔ́ nuwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la me, fiasã la me kple dumegãwo ƒe aƒewo me ɖatsɔ xe adzɔ na Asiria-fia hã la, esia mekpe ɖe eŋu o.
Axaz ƒe nuvɔ̃wo
22Le fia Axaz sia ƒe xaxaɣi la, egawɔ alakpanu geɖe ɖe Aƒetɔ ŋu ɖe edzi. 23Esa vɔ na Damaskotɔ siwo sii la ƒe mawuwo. Egblɔ be: “Siria-mawuwo kpe ɖe Siria-fiawo ŋu, eya ta nye hã masa vɔ na wo, ne woakpe ɖe nye hã ŋunye.” Ke mawu siawo boŋ he dzɔgbevɔ̃e va eya kple Israel-dukɔ blibo la dzi. 24Eƒo Mawu ƒe aƒe la me dɔwɔnuwo katã nu ƒu, eye wògbã wo gudugudu. Etu Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe ʋɔtruwo, eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe dzogoewo katã me le Yerusalem. 25Gawu la, ewɔ nuxeƒewo ɖe Yuda-duwo katã me, ne woasa lifivɔ na mawu bubuwo. To esiawo wɔwɔ me la, Axaz gado dziku na Aƒetɔ, tɔgbuiawo ƒe Mawu la ɖe edzi. 26Axaz ƒe nuwɔna mamlɛawo kple eƒe agbenɔnɔ katã, tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwua la, woŋlɔ wo ɖe Yuda kple Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ la me. 27#Yes 14.28. Axaz ku, eye woɖii ɖe dua me le Yerusalem, ke womeɖii ɖe Israel-fiawo ɖiƒe o. Via Xizkiya zu fia ɖe eteƒe.