رفتن به محتوا

Kronika II 26

26
Yuda-fia Uziya
(Fia II, 14.21-22; 15.1-7)
1Tete Yuda-dukɔ blibo la tsɔ Uziya, ame si xɔ ƒe wui ade la, ɖo fiae ɖe tɔ́a Amazya teƒe. 2Le Amazya ƒe ku megbe la, Uziya xɔ Elot-du, eye wògbugbɔe tso wògazu Yuda tɔ. 3Uziya xɔ ƒe wui ade esime woɖoe fiae, eye wòɖu fia ƒe bla atɔ̃ vɔ eve le Yerusalem. Nɔae nye Yekolya, tso Yerusalem. 4Uziya hã wɔ nu si dze Aƒetɔ ŋu abe tɔ́a Amazya ene pɛpɛpɛ. 5Le Zaxarya ame si fia Mawu vɔvɔ̃e ƒe agbenɔɣi la, Uziya subɔ Mawu, eye zi ale si wòsubɔ Aƒetɔ la, Mawu na nu dze edzi nɛ.
6Uziya wɔ aʋa kple Filistitɔwo. Egbã Gat, Yabne kple Asdod-duwo ƒe gliwo, eye wòtso duwo ɖe Asdod-nutome kple teƒe bubuwo le Filistitɔwo dome. 7Mawu de edzi ɖe Filistitɔwo kple Arabiatɔ, siwo nɔ Gur-Baal kple Meunitɔwo ŋuti. 8Amontɔwo xe adzɔ na Uziya. Eva kpɔ ŋusẽ ale gbegbe be eŋkɔ de keke Egipte-liƒo dzi ke. 9Uziya tu gbetakpɔxɔ sesẽwo ɖe Yerusalem ɖe Dzogoedzigbo, Balimegbo kple Dzogoe la dzi, eye wòwɔ wo wosesẽ. 10Etu gbetakpɔxɔwo ɖe gbedadaƒo, eye wòɖe vudo geɖewo elabe lãha geɖe nɔ esi le balia me kple gbedadaƒo. Agbledede dzɔa dzi nɛ ale ena amewo de waingble ɖe towo ŋu kple anyigba nyonuwo dzi. 11Asrafo hatsotso vovovo siwo nɔ klalo na aʋa la nɔ esi. Uziya ƒe agbalẽŋlɔla Yeiel kple dɔdzikpɔla Maaseya tia asrafoawo xlẽ, heŋlɔ ɖe agbalẽ me le Xananya, ame si tso fia ƒe aʋakplɔlawo dome la ƒe dzikpɔkpɔ te. 12Ƒometatɔ siwo le asrafoawo nu la ƒe xexlẽme nye akpe eve alafa ade. 13Ame siawo de aʋakalẽtɔ akpe alafa etɔ̃ kple adrẽ alafa atɔ̃. Wole klalo ɣe sia ɣi be yewoakpe ɖe fia la ŋu ɖe futɔwo ŋu. 14Uziya na wotsɔ akpoxɔnu, akplɔ, gakuku, gawu, da kple akafo me kpewo gɔ̃ hã na asrafoawo dome ame sia ame. 15Ewɔ mɔ̀ si aɖaŋuwɔlawo to vɛ la ɖe Yerusalem, eye wòtsɔ wo ɖo gbetakpɔxɔ tame kple gliawo ƒe dzogoewo dzi, be woatsɔ ada aŋutrɔwo kple kpe gãwoe. Uziya ŋkɔ de du eye ŋusẽ ɖo eŋu ale gbegbe, elabe wokpe ɖe eŋu nukutɔe.
Wohe to na Uziya le eƒe dàda ta
16Ke esi ŋusẽ ɖo eŋu la, ede asi dàda me, si na wòva dze anyi. Ewɔ alakpanu ɖe Aƒetɔ, eƒe Mawu la ŋu. Ege ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me be yeatɔ dzo lifi le lifivɔsamlekpui dzi. 17Tete nunɔla Azarya kplɔe ɖo yi, eye nunɔla kalẽtɔ bla enyi hã kpe ɖe eŋu. 18#Mos II, 30.7, 8; Mos IV, 3.10. Wotsi tre ɖe eŋu gblɔ nɛ be: “Wò, Uziya, menye wòe atɔ dzo lifi na Aƒetɔ o. Ke boŋ nunɔlawo, Aron ƒe dzidzimeviwo ame siwo ŋu wokɔ la koe kpɔ mɔ awɔe. Do go le kɔkɔeƒe la, elabe èwɔ nu tovo. Aƒetɔ, Mawu made bubu aɖeke ŋuwò o.” 19Ke Uziya do dziku. Ɣe ma ɣi la, elé dzidzɔdonu la ɖe asi be yeado dzudzɔ. Esi wòdo dziku ɖe nunɔlawo ŋu alea la, ŋutigbalẽdɔ dziŋɔ aɖe ƒo ɖe eƒe ŋgonu, le nunɔlawo ŋkume, le lifidzudzɔmlekpui la xa, le Aƒetɔ ƒe aƒe la me. 20Nunɔlagã Azarya kple nunɔla bubuawo nye kɔ be yewoakpɔe ɖa, kasia woakpɔ la, ŋutigbalẽdɔ dziŋɔ ƒo ɖe eƒe ŋgonu! Wonyàe afɔ tsɔtsɔe, eye eya ŋutɔ hã wɔ kabakaba do le afi ma elabe Aƒetɔ ƒoe. 21Ŋutigbalẽdɔ dziŋɔ sia tsi fia Uziya ŋu va se ɖe eƒe kugbe. Le dɔlélea ta la, enɔ aga le xɔ bubu me, eye wotsri Aƒetɔ ƒe aƒe la me vava nɛ. Via Yotam va nɔ fiasã la nu, eye wòɖu dukɔ la dzi.
22Nu bubu siwo Uziya wɔ, tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwua la, gbeƒãɖela Yesaya, Amoz vi la, ŋlɔ wo ɖi. 23#Yes 6.1. Uziya ku, eye woɖii ɖe ameɖiƒe si nye tɔgbuiawo tɔ la ƒe agble me, ke womeɖii ɖe fiawo ɖiƒe o, elabe wogblɔ be: “Ŋutigbalẽdɔ le eŋu.” Via Yotam zu fia ɖe eteƒe.