Kronika II 25
25
Yuda-fia Amazya
(Fia II, 14.2-6)
1Amazya xɔ ƒe bla eve vɔ atɔ̃ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe bla eve vɔ asieke le Yerusalem. Nɔae nye Yoadan; etso Yerusalem. 2Ewɔ nu si dze Aƒetɔ ŋu, ke menye kple dzi blibo o. 3Esi wòkpɔ be fiaɖuƒe la li ke ɖe ye si me ko la, ewu eƒe dɔla siwo wu tɔ́a, fia la. 4#Mos V, 24.16. Gake mewu wo viwo ya o, ke boŋ ewɔ se si Aƒetɔ de ɖe Mose ƒe Segbalẽa me la dzi. Eyae nye be: “Womawu vi tɔ́ ɖe via ta o, eye womawu vi ɖe vi tɔ́ ta o; ke boŋ woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ ta.”
Amazya si Edomtɔwo, ke exɔ woƒe mawuwo
(Fia II, 14.7)
5Amazya ƒo Yuda-to blibo la kple Benyamin-to la nu ƒu, eye wòɖo wo ɖe woƒe ƒomewo me ɖe aʋawɔwɔ ŋu. Eɖo wo ɖe akpewo kple alafawo me, eye aʋakplɔla le hatsotso ɖe sia ɖe nu. Exlẽ ŋutsu siwo xɔ ƒe bla eve kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa, awɔ akplɔ kple akpoxɔnu ŋudɔ la, wole ame tiatia akpe alafa etɔ̃. 6Hekpe ɖe ame siawo ŋu la, eɖatsɔ ŋutsu aʋakalẽtɔ akpe alafa ɖeka tso Israel, siwo wòxe klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene na la tso Israel. 7Ke Mawu ƒe ame aɖe va fia la gbɔ gblɔ nɛ be: “O, fia, mègana Israel-ʋakɔ sia nayi nua gbe kpli wò o, elabe Aƒetɔ meli kple Israel o; meli kple Efrayim vi siawo o. 8Ke boŋ wò ɖeka yi nàwɔ aʋa la, eye nàlé dzi ɖe ƒo. Ne menye nenem o la, Mawu ana wò futɔwo aɖu dziwò. Mawu sie ŋusẽ le be wòaxɔ na ame le aʋa me alo wòana ame natsi aʋa.” 9Amazya bia Mawu ƒe ame la be: “Ale ke wɔ ge míala? Mexe klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene na Israel-srafoawo xoxo ɖe?” Mawu ƒe ame la ɖo eŋu be: “Nu geɖe wu esia le Aƒetɔ si wòate ŋu ana wò.” 10Ale Amazya ɖe asi le ŋutsu siwo wòtsɔ tso Efrayim-to la me la ŋu be woayi aƒe. Tete wodo dziku ɖe Yuda ŋu, eye wotrɔ yi wo de kple dziku vevie. 11Amazya lé dzi ɖe ƒo, eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ la yi ɖe Dzebali la me. Wokpe aʋa kple futɔawo le afi ma, eye wowu Edom-srafo akpe ewo. 12Wolé ame akpe ewo agbagbee. Wokplɔ wo yi Agakpe la tame. Wotutu wo tso afi ma de aga, eye wo katã wokaka yaʋayaʋa. 13Ke Israel-srafo siwo Amazya gbugbɔ be womagayi kple ye o la yi ɖakaka ɖe Yuda-duwo me tso Samaria va se ɖe Bet-Xoron. Wowu ame akpe etɔ̃, eye woha nu geɖe dzoe.
14Esi Amazya ɖu Edomtɔwo dzi trɔ gbɔ la, etsɔ woƒe mawuwo ɖe asi vɛ. Eli mawuawo na eɖokui, eye wòde ta agu na wo hetɔ dzo lifi na wo. 15Aƒetɔ do dziku ɖe Amazya ŋu vevie, eye wòɖo gbeƒãɖela aɖe ɖee, wòɖa biae be: “Nu ka ta nèle mawu siwo mete ŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe dukɔ tso asiwò me o la ƒe mɔ dim?” 16Mekpɔ ɖe nu le nya la me o, eye Amazya gblɔ nɛ be: “Ðe míetsɔ wò ɖo fia ƒe aɖaŋuɖolaea? Ðo to! Nu ka ta nèdi be woawu ye?” Ale gbeƒãɖela la dzudzɔ, ke egblɔ be: “Menya azɔ be Mawu ɖoe be yeatsrɔ̃ wò le esi nèwɔ nu sia, eye nègbe aɖaŋu si meɖo na wò la ta.”
Aʋawɔwɔ kple Israel
(Fia II, 14.8-20)
17Yuda-fia Amazya de adaŋu, eye wòɖo ame ɖe Israel-fia Yoas, ame si nye Yoaxaz vi kple Yehu tɔgbuiyɔvi la be: “Va ne míakpe akɔ kple mía nɔewo.” 18Israel-fia Yoas ɖo eŋu ɖo ɖe Yuda-fia Amazya be: “Ŋuve le Lebanon dzi dɔ sederti le Lebanon dzi be: ‘Tsɔ viwò nyɔnu na vinye ŋutsu ne wòaɖe.’ Gbemelã aɖe tso Lebanon tso eme va yi, eye wònya avuzi le ŋuve la dzi. 19Azɔ ègblɔ be: ‘Kpɔ ɖa, mesi Edom’, eye wò dzi do wò ɖe dzi nèle adegbe ƒom, ke azɔ la nɔ aƒe. Nu ka ta nèbe yeade ɖokuiwò dzɔgbevɔ̃e me eye wò kple Yuda siaa miatsrɔ̃?”
20Ke Amazya meɖo to o. Esia nye Aƒetɔ ƒe nuwɔna ale be wòatsɔ wo ade asi, elabe wobia nu Edomtɔwo ƒe mawuwo. 21Ale Israel-fia Yoas ho yi ɖakpe aʋa kple Yuda-fia Amazya. Wodo go le Bet-Semes si nye Yuda tɔ. 22Israel si Yuda, eye wo dome ame sia ame sí yi aƒe. 23Israel-fia Yoas lé Yuda-fia Amazya si nye Yoas vi kple Axazya tɔgbuiyɔvi la le Bet-Semes, eye wòkplɔe va Yerusalem. Egbã Yerusalem-gli la, tso Efrayim-gbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo si didi abe meta alafa eve ene la gbɔ. 24Elɔ sika kple klosalo kpakple ŋudɔwɔnu siwo katã le Obed-Edom ƒe dzikpɔkpɔ te le Mawu ƒe aƒe la me hekpe ɖe fiasã me kesinɔnuwo ŋu. Ekplɔ ame siwo wòɖe aboyoe la kpe ɖe wo ŋu, eye wòtrɔ yi Samaria.
25Yuda-fia Amazya nɔ agbe ƒe wui atɔ̃ le Israel-fia Yoas ƒe ku megbe. 26Amazya ƒe ŋutinya mamlɛawo tso eƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwua la, woŋlɔ wo ɖe Yuda kple Israel-fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ la me. 27Tso esime Amazya trɔ le Aƒetɔ yome ko la, woɖo nugbe ɖe eŋu le Yerusalem, eye wòsí yi Laxis. Ke wodɔ ame ɖe eyome le Laxis woɖawui le afi ma. 28Wokɔ eƒe kukua ɖe sɔ dzi va ɖi ɖe tɔgbuiawo gbɔ le David ƒe du la me.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.