Kronika II 24
24
Yuda-fia Yoas
(Fia II, 12.1-16)
1Yoas xɔ ƒe adrẽ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe bla ene le Yerusalem. Nɔae nye Zibya, etso Beer-Seba. 2Yoas wɔ nu si dze Aƒetɔ ŋu le nunɔla Yoyada ƒe agbenɔɣi katã. 3Yoyada ɖe srɔ̃ eve na fia la, eye wodzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo nɛ.
4Le nu siawo megbe la, Yoas ɖoe be yeadzra Aƒetɔ ƒe aƒe la ɖo. 5Eyɔ nunɔlawo kple Levi viwo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: “Miyi Yuda-duawo me ne miaɖadzɔ ga le ame sia ame si le Israel blibo la, ne miatsɔ adzra Mawu ƒe aƒe la ɖo abe ale si wòhiã ƒe sia ƒe la ene. Mitsɔ dzo ɖe esia wɔwɔ ŋu.” Ke Levi viwo meʋã ɖe ga la dzɔdzɔ ŋu o. 6#Mos II, 30.11-16. Ale fia la yɔ woƒe tatɔ Yoyada biae be: “Nu ka ta mèkpɔ egbɔ be Levi viwo yi Yuda kple Yerusalem ɖaxɔ adzɔ si Aƒetɔ ƒe dɔla Mose ɖo na Israel-hame be wòana ɖe nubabla ƒe agbadɔ la dzikpɔkpɔ ta o?” 7Atalya, nyɔnuvɔ̃ɖi ma, teviwo tsɔ sesẽ ge ɖe Mawu ƒe aƒe la me, eye wolɔ nu siwo katã ŋu wokɔ na Aƒetɔ ƒe aƒe la gɔ̃ hã wɔ Baal tɔwoe.
8Ale fia la na be wowɔ nudzɔɖaka, eye wotsɔe ɖo Aƒetɔ ƒe xɔ la ƒe agbo nu le egodo. 9Ena woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem godoo be woatsɔ adzɔ si Mawu ƒe dɔla Mose ɖo na Israel-dukɔa le gbedadaƒo la vɛ na Aƒetɔ. 10Ðelawo kple dukɔ blibo la kpɔ dzidzɔ, eye wova de nu aɖaka la me wòyɔ. 11Ne wokpɔ be gaa sɔ gbɔ la, Levi viwo tsɔa aɖaka la yia ame si fia ɖo ɖi la gbɔe. Fia ƒe agbalẽŋlɔla kple nunɔlagã teƒenɔla vana, eye wotrɔa gaa le aɖakaa me gagbugbɔa aɖakaa va dana ɖe eteƒe. Wowɔe alea tso ŋkeke yi ŋkeke, eye wokpɔ ga fũu. 12Fia la kple Yoyada tsɔ gaa na dɔnunɔla siwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la dzadzraɖo nu, eye woawo tsɔ xɔtulawo kple atikpalawo be woagbugbɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la aɖɔ ɖo. Ga yibɔ kple akɔbli dɔwɔlawo hã kpe ɖe wo ŋu be woadzra Aƒetɔ ƒe aƒe la ɖo. 13Dɔwɔlawo katã biã ŋku ɖe dɔa ŋu wɔ, eye wogbugbɔ ɖɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la ɖo asi tee wòɖo nɔnɔ nyui me. 14Esi wowɔe vɔ la, wotsɔ ga si susɔ la vɛ na fia la kple Yoyada wotsɔ wɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me nuwo, subɔsubɔdɔwɔnuwo kple vɔsanuwo, trewo, sikanuwo kple klosalonuwo. Ale wosaa numemevɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me ɖaa le Yoyada ƒe agbenɔɣi katã.
Dukɔ la trɔ le Aƒetɔ yome
15Yoyada tsi eye agbe ɖi ƒo nɛ hafi wòku. Exɔ ƒe alafa ɖeka bla etɔ̃. 16Woɖii ɖe David ƒe du la me ɖe fiawo ɖiƒe le nu nyui si wòwɔ na Israel-dukɔ, Mawu kple gbedoxɔ la ta.
17Azɔ le Yoyada ƒe ku megbe la, Yuda-megãwo va do gbe na fia la tsɔ bubu nɛ. Fia la ɖo to woƒe gbe. 18Wogblẽ Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la, ƒe aƒe la ɖi, eye wosubɔ nyɔnumawu, Asera kple legbawo. Le woƒe fɔɖiɖi sia ta la, dɔmedzoe va Yuda kple Yerusalem dzi. 19Ke hã la, Aƒetɔ ɖo eƒe gbeƒãɖelawo ɖe wo be woagatrɔ ɖe ye ŋu. Wogbe nya na wo, ke womeɖo to wo o. 20#Mat 23.35; Luk 11.51. Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ dze Zaxarya, nunɔla Yoyada vi dzi. Etsi tsitre ɖe dukɔ la ŋgɔ, eye wògblɔ na wo be: “Mawu be: ‘Nu ka ta mieda Aƒetɔ ƒe seawo dzi eye dzɔgbevɔ̃e va mia dzi? Miegblẽ Aƒetɔ ɖi eya ta eya hã gblẽ mi ɖi.’ ” 21Ke ameawo ɖo nugbe ɖe eŋu, eye fia la ɖe gbe woƒu kpee wòku le Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu. 22Fia la ŋlɔ dɔmenyo si Yoyada, Zaxarya tɔ́a wɔ nɛ la be, eye wòwu via. Esi Zaxarya nɔ kukum la, egblɔ be: “Aƒetɔ nekpɔe ne wòabia hlɔ̃.”
Yoas ƒe nuwuwu
23Le ƒea ƒe nuwuwu la, Siriatɔwo ƒe aʋakɔ ho ɖe Yoas ŋu. Wova Yuda kple Yerusalem, wu amegãwo katã le dukɔa me, eye wolɔ aboyonuwo katã yi na Damasko-fia. 24Togbɔ be Siriatɔwo ƒe aʋakɔ le sue hã la, Aƒetɔ tsɔ Yudatɔwo ƒe aʋakɔ gã la de wo si me, elabe wogblẽ Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ɖi. Wohe to na Yoas to esia me.
25Exɔ abi. Esi futɔawo dzo le egbɔ la, eƒe dɔlawo ɖo nugbe ɖe eŋu hewui le eya ŋutɔ ƒe aba dzi, tsɔ bia hlɔ̃e ɖe nunɔla Yoyada viŋutsu#24.25: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo be viŋutsu; Hebri Biblia be viŋutsuwo. siwo wòwu la ta. Ale wòku, eye woɖii ɖe David ƒe du la me, gake menye ɖe fiawo ɖiƒe o. 26Ame siwo ɖo nugbe la ɖe eŋu la woe nye Zabad, Amon-nyɔnu si ŋkɔ nye Simeat la vi kple Yozabad, Moab-nyɔnu si ŋkɔ nye Simri vi. 27Yoas viŋutsuwo ƒe ŋutinyawo, gbeƒã gbogbo si woɖe ɖe eŋu kple ale si wogaɖo Mawu ƒe aƒe la gɔme anyi la, woŋlɔ wo ɖe Fiawo ƒe Agbalẽ ŋu nya me ɖeɖewo me. Via Amazya va zu fia ɖe eteƒe.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.