Kronika II 23
23
Wodze aglã ɖe fianyɔnu Atalya ŋu
(Fia II, 11.4-16)
1Ke le ƒè adrẽlia me la, Yoyada do dzi ɖabla nu kple ame alafawo ƒe kplɔlawo. Woawoe nye Azarya, Yeroxam vi, Ismael, Yehohanan vi, Azarya, Obed vi, Maaseya, Adaya vi kple Elisafat, Zixri vi. 2Wotsa le Yuda godoo eye wokplɔ Levi viwo kple Israel-tatɔwo tso Yuda-duwo katã me va Yerusalem. 3#Sam II, 7.12. Ameha blibo la bla nu kple fia la le Mawu ƒe aƒe la me, eye Yoyada gblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa, fiavie aɖu fia, abe ale si Aƒetɔ do ŋugbe le David ƒe dzidzimeviwo ŋui ene. 4Nu si miawɔ lae nye esi: Mi nunɔlawo kple Levi vi siwo yina dɔ me le dzudzɔgbe la, akpa etɔ̃lia nadzɔ agboawo nu. 5Akpa etɔ̃lia bubu nanɔ fiasã la me, eye akpa etɔ̃lia mamlɛa nanɔ Gɔmeɖoɖogbo la nu. Dukɔ blibo la nanɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu. 6Ame aɖeke nagava Aƒetɔ ƒe aƒe la me o, negbe nunɔlawo kple Levi vi siwo le dɔ wɔm le afi ma la ko. Woawo ya kpɔ mɔ age ɖe eme elabe wo ŋu kɔ, ke dukɔ blibo la nawɔ Aƒetɔ ƒe ɖoɖo dzi. 7Levi viwo naƒo xlã fia la, eye wo dome ame sia ame nalé aʋawɔnu ɖe asi. Ame si va aƒea me la, woawui. Afi sia afi si fia la to la, minɔ eŋu.”
8Levi viawo kple Yudatɔwo katã wɔ ɖe ale si nunɔla Yoyada ɖe gbe na wo la dzi pɛpɛpɛ. Nunɔla Yoyada meɖe asi le dɔwɔhatsotsoawo ŋu woyi aƒe o. Ame siwo ado le dɔ me le dzudzɔgbe la dzi kple ame siwo ava dɔ me le dzudzɔgbe la dzi la katã li, eye ame sia ame le eƒe amewo nu. 9Nunɔla Yoyada tsɔ fia David ƒe akplɔwo, akpoxɔnu gãtɔ kple suetɔ siwo le Mawu ƒe aƒea me la na ame alafawo ƒe kplɔlawo, 10eye wòɖo ameawo katã ɖi, tso xɔa ƒe anyigbeme godzi va yi eƒe dzigbeme godzi. Woƒo xlã vɔsamlekpui la hã eye ame sia ame lé aʋawɔnu ɖe asi. 11Tete Yoyada kplɔ Yoas doe, ɖɔ fiakuku la nɛ, eye wòtsɔ nubablagbalẽ la de esi. Ale wòɖoe fiae. Yoyada kple viawo si ami nɛ, eye wodo ɣli be: “Fia nenɔ agbe tegbee!”
12Esi Atalya se ameha siwo le du dzi le aseye tsom ɖe fia la ŋu la ƒe hoowɔwɔ la, edo va dukɔ la gbɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me. 13Kasia, ekpɔ fia la le tsitre ɖe eƒe sɔti la gbɔ le kɔkɔƒea ƒe mɔnu. Aʋakplɔlawo kple kpẽkulawo ƒo xlãe, eye dukɔ blibo la le aseye tsom; kpẽwo le ɖiɖim eye hadzilawo tsɔ hadzinu vovovowo le kafukafuha dzim. Atalya dze eƒe awuwo, eye wòdo ɣli be: “Dugbãnuɖoɖo ye! Dugbãnuɖoɖo ye!” 14Nunɔla Yoyada yɔ asrafo alafawo ƒe kplɔlawo va xexe, eye wògblɔ na wo be: “Migawui ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me o. Mikplɔe to ameawo dome yii. Ne ame aɖe dze eyome la, miwui kple yi.” 15Ale wolée, kplɔe va ɖo fiasã la gbɔ, eye wowui ɖe Sɔgbo la nu.
Yoyada trɔ nuwo
(Fia II, 11.17-20)
16Yoyada bla nu kple dukɔ blibo la kple fia la be yewoanye Aƒetɔ ƒe dukɔ. 17Tete dukɔ blibo la ge ɖe Baal ƒe subɔƒe la. Womu eƒe vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, gbã eƒe legbawo, eye wowu Matan, Baal nunɔla ɖe vɔsamlekpuiawo ŋgɔ. 18Yoyada tsɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me dɔwo de asi na nunɔlawo kple Levi viwo, ame siwo David ma ɖe hatsotsowo me be woakpɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me dɔwo gbɔ. David ɖo wo be woasa Aƒetɔ ƒe numemevɔsa kple dzidzɔ kple hadzidzi abe ale si woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la mee ene. 19Yoyada ɖo agbonudzɔlawo ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe agbowo nu be ame makɔmakɔ aɖeke nagage ɖe eme o. 20Tete Yoyada ɖe ame alafawo ƒe kplɔlawo dukɔ la ƒe ame ŋkutawo, dziɖulawo kple dukɔ blibo la katã, eye wokplɔ fia la tso Aƒetɔ ƒe aƒe la me zɔ dzigbegbo la nu yi fiasã la me, eye wòtsɔ fia la ɖo fiazikpui dzi. 21Dukɔ blibo la kpɔ dzidzɔ le anyigba la dzi, eye dua me fa elabe wowu Atalya kple yi.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.