رفتن به محتوا

Kronika II 22

22
Yuda-fia Axazya
(Fia II, 8.25-29; 9.21-28)
1Adzoha kple Arabiatɔ siwo va wɔ aʋa la wu fiaviŋutsu tsitsitɔwo katã. Eya ta Yerusalemnɔlawo tsɔ Axazya, Yoram ƒe dɔmlɔea ɖo fiae ɖe eteƒe eye Axazya, Yuda-fia Yoram viŋutsu zu fia. 2Axazya xɔ ƒe bla ene vɔ eve#22.2: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo be bla eve vɔ eve. (Kpɔ Fia II, 8.26); Hebri Biblia be bla ene vɔ eve. esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe ɖeka le Yerusalem. Nɔae nye Atalya, Omri vinyɔnu. 3Eya hã to Axab ƒe aƒe la ƒe ʋe me elabe nɔa ɖo aɖaŋu nɛ wòwɔ nuvɔ̃ɖi. 4Ewɔ nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume abe Axab ƒe ƒometɔwo ene, elabe le tɔ́a ƒe ku megbe la, woawoe ɖo aɖaŋu nɛ wòva zu ku nɛ. 5Axazya xɔ woƒe aɖaŋuɖoɖo eye wòwɔ ɖeka kple Israel-fia Yoram, Axab vi, woho aʋa ɖe Siria-fia Xazael ŋu. Wokpe aʋa la le Ramot-Gilead. Yoram xɔ abi. 6Egbugbɔ yi Yezreel be woada gbe le ye ŋu, le abi si wode eŋu le Rama, esime eya kple Siria-fia Xazael wokpe aʋa la ta. Yuda-fia Axazya, Yoram vi, yi be yeakpɔ Yoram, Axab vi la ɖa le Yezreel elabe ele dɔ lém. 7Ke Mawu ɖoe be Axazya nadze anyi to Yoram gbɔyiyi me. Esi wòva la, eya kple Yoram wodo go be yewoaɖakpe Yehu, Nimsi vi, ame si Aƒetɔ si ami na be wòatsrɔ̃ Axab ƒe ƒome la. 8Esime Yehu nɔ to hem na Axab ƒe ƒomea la, edo go Yuda-megãwo kple Axazya nɔviŋutsu ƒe viwo, ame siwo subɔa Axazya eye wòwu wo. 9Axazya sí ɖabè ɖe Samaria. Ke Yehu na woɖadii eye wolée. Wokplɔe vɛ na Yehu eye wowui heɖi elabe wogblɔ be: “Yosafat, ame si di Aƒetɔ kple dzi blibo la ƒe tɔgbuiyɔvi ye.” Ale Axazya ƒe ƒometɔ aɖeke megali ate ŋu aɖu fia o.
Yuda-fianyɔnu Atalya
(Fia II, 11.1-3)
10Azɔ esi Atalya, Axazya nɔ kpɔ be ye vi ku la, etso eye wòtsrɔ̃ Yuda-fiaƒome blibo la. 11Ke Yoseba, fia la vinyɔnu, fi Yoas, fia Axazya viŋutsu le fiavi siwo wobe yewoawu la dome. Ekplɔ eya kple edzikpɔla ɖaɣla ɖe xɔdɔmea ememetɔ me. Ale wɔ Yoseba, fia Yoram vinyɔnu, si nye nunɔla Yoyada srɔ̃ kple Axazya nɔvinyɔnu la ɣla ɖevia ɖe Atalya eye mewu eya o. 12Eɣla eɖokui ɖe wo gbɔ le Mawu ƒe aƒe la me ƒe ade esime Atalya ɖu dukɔa dzi.