Samuel I 8
8
Dukɔ la bia be woaɖo fia na yewo
1Esi Samuel tsi la, eɖo via ŋutsuwo kplɔlawoe ɖe Israel-dukɔ nu. 2Via ŋutsu ŋgɔgbea ŋkɔ nye Yoel, eye eyometɔ ŋkɔ nye Abiya. Wonye ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ Beer-Seba. 3Ke viawo meto eƒe ʋe me o. Woti ga yome, xɔ zãnu eye womedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o.
4Ale Israel-megãwo katã kpe ta eye woyi Samuel gbɔ le Rama 5#Mos V, 17.14.ɖagblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, fifia ètsi eye viwòwo meto wò ʋe me o. Ðo fia na mí be wòaɖu mía dzi abe ale si wòle le dukɔ bubuwo me ene.” 6Esi wogblɔ na Samuel be neɖo fia na yewo be wòaɖu yewo dzi la, medze eŋu o. Ale Samuel do gbe ɖa na Aƒetɔ. 7Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Ðo to nya sia nya si dukɔa agblɔ na wò eye nàwɔ edzi, elabe menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be magaɖu fia ɖe yewo dzi o. 8Ale si wowɔ ɖe ŋunye, gbem, hele mawu bubuwo subɔm tso gbe si gbe mekplɔ wo tso Egipte va se ɖe fifi la, nenema tututu wɔm wole ɖe wò hã ŋuwò. 9Eya ta ɖo to wo. Ke ɖe nya me na wo nyuie do ŋgɔ le ale si fia si biam wole la le wo dzi ɖu gee la ŋu.”
10Ale Samuel gblɔ Aƒetɔ ƒe nyawo katã na dukɔ si le ebiam be wòaɖo fia na yewo la. 11“Nu siwo wɔ ge fia si le mia dzi ɖu ge la le lae nye ana miaƒe ŋutsuviwo azu asrafowo. Ðewo anɔ tasiaɖamwo me, ɖewo anye sɔdolawo eye bubuwo anɔ du ƒum le tasiaɖamwo ŋgɔ. 12Awɔ wo dometɔ aɖewo asrafomegãwo, ɖewo ɖe asrafo akpe nu, eye ɖewo ɖe asrafo bla atɔ̃ nu. Ðewo awɔ dɔ le eƒe agble me eye ɖewo anye eƒe nuŋelawo. 13Fia la axɔ mia vinyɔnuwo. Ðewo anɔ ami ʋeʋẽe sim nɛ, ɖewo anye eƒe nuɖalawo eye bubuwo anye eƒe aboloƒolawo. 14Axɔ miaƒe agble nyuitɔwo, waingblewo kple amitibɔwo le mia si atsɔ na eƒe subɔlawo. 15Axɔ nuku siwo mieŋe kple miaƒe wain ƒe akpa ewolia atsɔ na eƒe dumegãwo kple dɔlawo. 16Azi miaƒe ŋutsu kple nyɔnu apatɔwo, ɖekakpui zazɛ̃wo kple tedziwo dzi be woawɔ dɔ nɛ. 17Axɔ miaƒe lãha ƒe akpa ewolia hã eye miazu eƒe kluviwo. 18Le ɣe ma ɣi me la, miaxa nu ayɔ Mawu le fia si miawo ŋutɔ mietia la ta, ke Aƒetɔ maɖo to mi o.”
19Gake dukɔ la gbe toɖoɖo Samuel hegblɔ be: “Gbeɖe, ele be fia nanɔ mía si, 20ale be míawo hã míanɔ abe dukɔ bubuwo ene. Aɖu mía dzi eye wòanɔ ŋgɔ akplɔ mí ayi aʋa aɖawɔ aʋa na mí.” 21Samuel ɖo to se woƒe nyawo katã eye wòyi ɖagblɔ wo na Aƒetɔ ake. 22Aƒetɔ gblɔ na Samuel be: “Wɔ ɖe woƒe didi dzi. Ðo fia na wo.” Ale Samuel gblɔ na Israelviwo be ame sia ame negbugbɔ yi eƒe du me.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.