رفتن به محتوا

Samuel I 7

7
1 # Sam II, 6.2-4; Kron I, 13.5-7. Tete Kiriat-Yearimtɔwo va kɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la yi ɖada ɖe Abinadab ƒeme le togbɛ dzi. Wokɔ̀ via Eleazar ŋu be wòakpɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖakaa dzi.
Samuel zu Israel-dukɔ la kplɔla
2Nubablaɖaka la nɔ Kiriat-Yearim ƒè geɖee, anɔ abe ƒe bla eve sɔŋ ene. Le ƒe siawo me la, Israeltɔwo katã fa konyi na Aƒetɔ.
3Azɔ Samuel gblɔ na Israel-dukɔ blibo la be: “Nenye Aƒetɔ ŋue miele tɔtrɔm ɖo kple miaƒe dzi blibo la, ele be miaɖe mawu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa le mia dome. Miɖe asi le nyɔnumawu Astarte ƒe legbawo gɔ̃ hã ŋu. Mina miaƒe dzi nalé ɖe Aƒetɔ ŋu, eye miasubɔ eya ɖeka ko, ekema aɖe mi tso Filistitɔwo si me.” 4Ale Israeltɔwo ɖe Baal ƒe legbawo kple nyɔnumawu Astarte ƒe legbawo ɖa le wo dome eye wosubɔ Aƒetɔ ɖeka ko.
5Emegbe Samuel ɖo gbe ɖe Israeltɔwo katã be: “Miva ƒo ƒu ɖe Mizpa ne mado gbe ɖa na Aƒetɔ ɖe mia ta.” 6Ale wo katã va ƒo ƒu ɖe Mizpa. Woku tsi, ƒoe ɖe anyi na Aƒetɔ, tsi nu dɔ gbe ma gbe hegblɔ be: “Míewɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu.” Mizpa, afi siae Samuel drɔ̃ Israeltɔwo ƒe nyawo le. 7Esi Filistitɔwo se be Israelviwo kpe ta le Mizpa la, woƒe fiawo ho ɖe wo ŋu. Israelviwo vɔ̃ Filistitɔwo ŋutɔ, esi wose nya sia. 8Wogblɔ na Samuel be: “Mègadzudzɔ kokoƒoƒo na Aƒetɔ, mía Mawu la, ɖe mía ta o, be wòaxɔ na mí tso Filistitɔwo si me.” 9#Sir 46.16-18.Ale Samuel lé alẽ dzaa aɖe, mee dɔ nogoe hesa vɔ na Aƒetɔ. Eɖe kuku nɛ ɖe Israel-dukɔ la ta eye wòɖo toe. 10Esime Samuel le numemevɔsa la wɔm la, Filistitɔwo ho va gogo Israeltɔwo be yewoawɔ aʋa kpli wo. Tete Aƒetɔ ɖe gbe ɖe Filistitɔwo dzi sesĩe, eye wotɔtɔ hesí le Israeltɔwo nu. 11Israeltɔwo kplɔ wo ɖo tso Mizpa ʋuu va se ɖe esime wogogo Bet-Kar. Wowu wo dometɔ geɖe le mɔ dzi.
12Azɔ Samuel tsɔ kpe ɖi ɖe Mizpa kple Sen dome, eye wòna ŋkɔ teƒea be: “Eben-Ezer” hegblɔ be: “Afi siae Aƒetɔ kpe ɖe mía ŋu va se ɖo.” 13Le nyateƒe me la, woɖu Filistitɔwo dzi ale gbegbe be womegage ɖe Israel-nyigba dzi kpɔ o. Le Samuel ƒe agbenɔɣi katã la, Aƒetɔ te Filistitɔwo ɖe anyi. 14Wogbugbɔ du siwo woxɔ le Israelviwo si tso Ekron va ɖo Gat la na wo. Ale woƒe anyigba si Filistitɔwo xɔ la gaɖo wo si. Ŋutifafa nɔ Israeltɔwo kple Amoritɔwo dome azɔ.
15Samuel kplɔ Israel-dukɔ le eƒe agbenɔɣi katã.
16Ƒe sia ƒe la, Samuel yia Betel, Gilgal kple Mizpa siwo nye duwo le eƒe dziɖuɖu te la ɖadrɔ̃a ʋɔnu le afi mawo. 17Emegbe egatrɔna vaa Rama, afi si eƒe xɔnu le, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu na Israelviwo le afi ma. Eɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Aƒetɔ.