Samuel I 9
9
Saul va do go Samuel
1Kesinɔtɔ aɖe nɔ Benyamin-to la me. Eŋkɔe nye Kis, tɔ́ae nye Abiel eye tɔgbuiae nye Zeror. Zeror tɔ́e nye Bexorat, ame si nye Afia vi. 2Viŋutsuvi dzeɖekɛ aɖe si ɖo ɖekakpuime la le esi. Eŋkɔe nye Saul. Enyakpɔ ale gbegbe be ame aɖeke medze ɖeka wui le Israelviwo dome o. Saul kɔ ŋutɔ; ame kɔkɔtɔ kekeake le Israel-dukɔ me se abɔta ko nɛ.
3Eva ve me gbe ɖeka be Kis ƒe tedzinɔ aɖewo bu. Ale wògblɔ na via Saul be: “Yɔ dɔlawo dometɔ ɖeka kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, ne miayi aɖadi tedzinɔawo vɛ.” 4Woyi ɖatsa le Efrayim-tonyigba dzi kple Salisa-nutome, ke womekpɔ wo o. Woyi dzi ɖadi wo le Benyamin-nutome hã, gake womekpɔ wo le afi ma hã o. 5Esi woɖo Zuf-nyigba dzi la, Saul gblɔ na dɔla si kpe ɖe eŋu la be: “Na míatrɔ ayi aƒe, ne menye nenem o la, tɔ́nye ava tsi dzi ɖe míawo boŋ ŋu, eye maganye ɖe tedzinɔawo ŋu o.” 6Tete dɔla la gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, mawunua aɖe, si xɔ ŋkɔ ŋutɔ la le du sia me. Nya sia nya si wògblɔ la vaa me. Na míayi egbɔ le afi ma. Ðewohĩ ate ŋu agblɔ nu si ƒe afɔ dzi míele la na mí.” 7Saul bia eƒe dɔlaa be: “Ne míeyi ɖe, nu ka míatsɔ ɖe asi aɖanae? Elabe nuɖuɖu si míetsɔ ɖe asi la vɔ, eye naneke meli míatsɔ ana mawunua la o. Nu kae le mia sí?” 8Dɔlaa ɖo eŋu be: “Klosaloga memama akpa enelia le asinye. Matsɔe na mawunua la be wòafia afi si míaɖo tae la mí.” 9Tsã la, ne ame yi nu bia ge Mawu le Israel-dukɔ me la, egblɔna be: “Na míayi nukpɔla gbɔ” elabe ame si yɔm wole fifia be Mawu ƒe gbeƒãɖela la, nukpɔla woyɔna nɛ le ɣe ma ɣi me. 10Saul gblɔ na dɔla la be: “Enyo, va míyi.” Ale woyi du si me mawunua la le.
11Esi wolia togbɛa yina la, wodo go ɖetugbi aɖewo siwo yina tsi du ge. Wobia ɖetugbiawo se be: “Nukpɔla le dua mea?” 12Woɖo eŋu be: “Ẽ, eli. Eyae nye ekem le mia ŋgɔ. Afɔ netsɔ na mi. Fifi laa ko wòva dua me elabe dua me tɔwo le vɔ sa ge egbe le toa dzi. 13Ne mieɖo kaba la, miakpɔe hafi wòayi aɖaɖu nu le vɔsaƒea, elabe dua me tɔwo maɖu nu o, va se ɖe esime wòɖo afi ma. Eyae yraa vɔsanua hafi woɖunɛ. Emegbe la, ame kpekpeawo ɖua nua. Eya ta miheyi elabe miele go do gee le afi ma fifia.” 14Ale woɖo ta dua me. Esi woɖo la, wodo go Samuel le mɔ dzi woyina vɔsaƒea.
15Azɔ hafi ŋu nake ne Saul nava la, Aƒetɔ ɖe nu fia Samuel be: 16“Etsɔ ɣe alewo ɣi la, madɔ ŋutsu aɖe tso Benyamin-to la me ɖe wò. Si ami nɛ be wòazu amegã ɖe nye dukɔ Israel nu. Eyae axɔ na dukɔ la tso Filistitɔwo si me, elabe menya woƒe fukpekpewo eye woƒe ɣlidodo ɖi mese.”
17Esi Samuel kpɔ Saul la, Aƒetɔ gblɔ na Samuel be: “Ame si ŋu meƒo nu le na wò lae nye esi. Eyae aɖu fia ɖe nye dukɔa dzi.” 18Tete Saul te ɖe Samuel ŋu le agboa nu hebiae be: “Meɖe kuku, afi kae nye nukpɔla ƒe aƒeme?” 19Samuel ɖo eŋu nɛ be: “Nyee nye nukpɔla la. Midze ŋgɔnye yi vɔsaƒea. Egbea miaɖu nu kplim. Etsɔ ŋdi la, mado mɔ wò eye magblɔ nya siwo katã le wò tame la na wò, eyome mado mɔ wò. 20Azɔ mègatsi dzi ɖe tedzinɔ siwo bu egbe ŋkeke etɔ̃ sɔŋ nye esi la ŋu o, elabe wokpɔ wo xoxo. Evɔ ɖe, ame ka gɔ̃ Israelviwo katã tsi dzi le didim vevie alea? Ðe menye wò kple tɔ́wò ƒe aƒe lae oa?” 21Saul ɖo eŋu be: “Benyamin-to si nye suetɔ kekeake le Israel-dukɔa me la mee metso. Nye ƒome la hãe nye gblɔetɔ wu le Benyamin-to ƒe ƒomeawo dome. Nya ka nye esi gblɔm nèle nam?”
22Tete Samuel kplɔ Saul kple eƒe dɔlaa yi ɖe xɔa me, eye wòna nɔƒe wo le kplɔ̃a ta, le ame kpekpe siwo anɔ bla etɔ̃ la dome. 23Egblɔ na nuɖala la be: “Tsɔ lã si megblɔ na wò be nenɔ vovo la vɛ.” 24Ale nuɖalaa tsɔ lã ƒe ata kple nu siwo kpe ɖe eŋu la va ɖo Saul kɔme. Samuel gblɔ be: “Kpɔ ɖa, lã si wodzra ɖo na wò la nye esi. Tsɔe ɖu. Wòe wodzrae ɖo ɖi na va se ɖe fifi be nàɖu kple ame kpekpeawo.”
Ale Saul ɖu nu kple Samuel gbe ma gbe. 25Esi wotrɔ tso vɔsaƒea va ɖo dua me la, Samuel ƒo nu kple Saul le xɔta, eye wòtsi afi ma dɔ.
Samuel si ami na Saul wòzu fia
26Fɔŋli la, Samuel yɔ Saul le xɔta la hegblɔ nɛ be: “Fɔ ne mado mɔ wò.” Saul fɔ eye eya kple Samuel do ɖe mɔ dzi.
27Esi woɖo dua ƒe gbɔto la, Samuel gblɔ na Saul be: “Gblɔe na dɔla la be nedo ŋgɔ na mí.” Dɔlaa dze ŋgɔ. “Wò ŋutɔ tɔ vie, ne magblɔ nya si Mawu be magblɔ la na wò.”
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.