Samuel I 6
6
Wotrɔ nubablaɖaka la ɖo ɖe eteƒe
1Esi Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la tsi Filistitɔwo gbɔ ɣleti adrẽ la, 2Filistitɔwo yɔ nunɔlawo kple afakalawo hebia wo be: “Ale ke míele Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la wɔ gee? Migblɔ nu si míatsɔ akpe ɖe eŋu hafi atrɔe yi eteƒe la na mí.” 3Woɖo eŋu be: “Ne miele Mawu ƒe nubablaɖaka la trɔ ge aɖo ɖa la, migatrɔ eya ɖeɖe ɖo ɖa o. Ele vevie be vɔsanu aɖe si aɖe miaƒe nuvɔ̃ ɖa la nakpe ɖe eŋu godoo. To esia me miaƒe lã me asẽ, eye miadze sii be eya tae Mawu le to hem na mi ɖo.” 4Wobia be: “Vɔsanu ka míatsɔ akpe ɖe eŋu be wòalé avu le mía kplii dome?” Woɖo eŋu be: “Sikaƒoƒoe atɔ̃ siwo wome kple sikafi atɔ̃ siwo wome ɖe Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo nu, elabe dɔ vɔ̃ ɖeka ma tɔgbee dze mi katã kple miaƒe amegãawo dzi. 5Eya ta ele be miame ƒoƒoeawo kple afi siwo le nuwo gblẽm le anyigbaa dzi la ƒe nɔnɔme, eye miade bubu Israel ƒe Mawu la ŋu. Ðewohĩ ana ale si wòle to hem na miawo ŋutɔ kple miaƒe anyigbaa la dzi naka aɖe. 6Nu ka ta miasẽ to abe Egipte Fiagã kple Egiptetɔwo ene? Esi Mawu do vlo wo vɔ megbe la, womeɖe asi le Israelviwo ŋu wodzo oa? 7Fifia la, miwɔ tasiaɖam yeye eye midi nyinɔ dzaa eve siwo womede kɔkuti kɔ na kpɔ o. Miɖe wo viwo le wo ŋu de kpɔ me, eye miatsi nyinɔawo ɖe tasiaɖam la ŋu. 8Mikɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la da ɖe tasiaɖam la me. Mitsɔ nu siwo mieme kple sika be woatsɔ alé avu le mia dome la de aɖaka me da ɖe exa. Ale miado mɔe be wòayi le eɖokui si. 9Minɔ ekpɔm; ne èɖo ta wo de, Bet-Semes la, ekema Mawue he dzɔgbevɔ̃e gã siawo va mía dzi. Ne meva eme nenema o la, ekema míanyae be menye Mawue le to hem na mí o, ke boŋ nu dogoɖenunue.”
10Wowɔ nenema; wolé nyinɔ dzaa eve, tsi wo ɖe tasiaɖam la ŋu, eye wolé wo viwo de lãkpɔ me. 11Wotsɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la de tasiaɖam la me, eye wotsɔ aɖaka si me afi kple ƒoƒoe siwo wome kple sika la hã ɖo exa. 12Enumake nyinɔawo ɖo ta mɔ gã si yi Bet-Semes la dzi tututu; womedze ɖe ɖusime alo miame o. Nyiawo nɔ xɔxlɔ̃m le mɔa dzi. Filisti-fiaawo le wo yome ʋuu va se ɖe Bet-Semes ƒe liƒo dzi. 13Le ɣeyiɣi sia me la, Bet-Semestɔwo nɔ bali me nɔ lu ŋem. Kasia woafɔ kɔ dzi la, nubablaɖaka la nye esi do. Esi wokpɔe la, dzi dzɔ wo ŋutɔ. 14Tasiaɖam la zɔ ʋuu va tɔ ɖe kpe gã aɖe gbɔ le Bet-Semestɔ, Yosua ƒe agble me. Wodze tasiaɖam la wɔ nakee, eye wowu nyinɔawo heme nu sa vɔe na Aƒetɔ. 15Levitɔwo kɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖakaa kple aɖaka si kpe ɖe eŋu, si me sikanu memeawo le la da ɖe kpe gã la dzi. Gbe ma gbe la, Bet-Semestɔwo me nu hesa vɔ na Aƒetɔ hekpe ɖe vɔsa bubu geɖe ŋu. 16Filistitɔwo ƒe fia atɔ̃awo kpɔ nu si wowɔ la teƒe, eye wotrɔ yi Ekron gbe ma gbe ke.
17Sikaƒoƒoe siwo Filistitɔwo ɖo ɖe Aƒetɔ be woalé avu le wo dome la, wowɔ wo ɖe Asdod, Gaza, Askalon, Gat kple Ekron duwo nu. 18Nenema ke wotsɔ sikafi ɖekaɖeka ɖe Filisti fiadu atɔ̃awo, du gã siwo woɖo gli ƒo xlã kple kɔƒe siwo ŋu womeɖo gli ɖo o la nu ɖo ɖa. Kpe gã si dzi wokɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka da ɖo le Bet-Semestɔ, Yosua ƒe agble me la gali abe ŋkuɖodzikpe ene va se ɖe egbe.
19Aƒetɔ wu Bet-Semestɔ bla adrẽ elabe wokpɔ eƒe nubablaɖaka la me. Dua me tɔwo fa konyi vevie le ame siwo ku le wo dome la ta.
Woɖo nubablaɖaka la ɖe Kiriat-Yearim
20Bet-Semestɔwo bia be: “Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe Aƒetɔ, Mawu kɔkɔe la nu? Tso mía gbɔ la, ame ka gbɔ míaɖoe ɖo?” 21Ale wodɔ dɔlawo ɖo ɖe Kiriat-Yearimtɔwo be: “Filistitɔwo gbugbɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la ɖo ɖa. Miva kɔe yi mia gbɔe.”
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.