رفتن به محتوا

Samuel I 5

5
Nubablaɖaka la le Filistitɔwo gbɔ
1Esi Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe nubablaɖakaa dzoe la, wokɔe tso Eben-Ezer yi ɖada ɖe Asdod. 2Wokɔe yi woƒe mawu Dagon ƒe xɔ me, eye wodae ɖe eƒe legba si le afi ma la gbɔ. 3Ŋdi kanya la, Asdodtɔwo kpɔ be Dagon mu, tsyɔ mo anyi ɖe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ. Ale wofɔe dzi gakɔe ɖo eteƒe. 4Esi ŋu gake ŋdi kanya la, wokpɔ be Dagon ƒe legba la gamu hetsyɔ mo anyi ɖe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka ŋgɔ. Ta kple abɔ eveawo flí le eŋu, eye wòtsi mɔnu afi ma, takpo kple abɔkpo nogoo ɖi. 5Le esia ta, tso ɣe ma ɣi va se ɖe egbegbe Dagon ƒe trɔ̃nuawo kple ame siwo katã subɔnɛ le trɔ̃ƒe sia le Asdod la daa ata teƒea eye womeɖoa afɔe gbeɖe o.
6Aƒetɔ he to na Asdodtɔwo vevie, eye wòna vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe. Ena ƒoƒoe te dua me tɔwo kple ame siwo le woƒe nutowo me. 7Esi Asdodtɔwo kpɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la, wogblɔ be: “Israel ƒe Mawu la le to hem na mía kple míaƒe mawu Dagon. Mele be eƒe nubablaɖaka la naganɔ mía gbɔ azɔ o.” 8Ale wodɔ ame woyi ɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu eye wobia wo be: “Ale ke míele Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la wɔ gee?” Woɖo eŋu be: “Mitsɔe ɖo ɖe Gat.” Ale wokɔe yi Gat si nye Filistitɔwo ƒe du bubu aɖe. 9Esi nubablaɖaka la va ɖo la, Aƒetɔ he to na du ma me tɔwo hã, eye zi gã aɖe tɔ le dua me. Ƒoƒoe te ame sia ame le dua me, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa. 10Ale woawo hã woɖo Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖe Ekron, Filistitɔwo ƒe du bubu. Ke esi Mawu ƒe nubablaɖaka la va Ekron la, dua me tɔwo do ɣli gblɔ be: “Wotsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ɖo ɖe mí be wòawu mí katã le dua me.” 11Tete wodɔ ame woyi ɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu. Wogblɔ be: “Migbugbɔ Israel ƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo ɖe eteƒe, bene magawu mí katã le dua me o.” Elabe vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le dua me kutɔkutɔe elabe Mawu ƒe asi sẽ ɖe wo dzi. 12Ame siwo meku o la, ƒoƒoe te woawo hã, eye dua ƒe ɣli de dziƒo.