رفتن به محتوا

Samuel I 4

4
Filistitɔwo xɔ Nubablaɖaka la
1Samuel ƒe nya siwo wòɖea gbeƒãe la dea afi sia afi le Israel-dukɔa me. Le ɣeyiɣi sia me la, Israel-dukɔ ho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu. Woƒu asaɖa anyi ɖe Eben-Ezer gbɔ eye Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Afek. 2Filistitɔwo ho yi ɖakpe aʋa kple Israelviwo; aʋa la nu sẽ ŋutɔ. Filistitɔwo ɖu Israelviwo dzi eye wowu ame akpe ene le gbea dzi. 3Esi ame siwo susɔ la gbɔ va asaɖa la me la, Israel-me tsitsiwo gblɔ be: “Nu ka ta Aƒetɔ na Filistitɔwo ɖu mía dzi egbea? Mina míayi aɖatsɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka tso Silo vɛ, ne wòava nɔ mía dome, eye wòaɖe mí tso míaƒe futɔwo si me.” 4#Mos II, 25.22. Ale wodɔ amewo ɖo ɖe Silo woyi ɖatsɔ Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, si le kerubiwo tame la ƒe nubablaɖaka tso afi ma vɛ. Eli viŋutsu eveawo, Xofni kple Pinehas, hã zɔ kple nubablaɖaka la va.
5Esi nubablaɖaka la va ɖo asaɖa la me la, Israelviwo katã do dzidzɔɣli sesĩe hoo ale be anyigba ʋuʋu. 6Filistitɔwo se ɣlidodoa eye wobia be: “Nu ka ta ɣli sesẽ sia le ɖiɖim le Hebritɔwo ƒe asaɖa me?” Esi wova nya be Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka lae wotsɔ va asaɖa la me la, 7vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Tete wogblɔ be: “Mawu aɖe va ɖo woƒe asaɖa la me. Baba na mí! Nu sia tɔgbe medzɔ kpɔ o. 8Nane wɔ mí pɛ! Ame kae ate ŋu aɖe mí tso mawu triakɔ mawo si me? Mawu siawoe he dɔ vɔ̃ vovovowo de Egiptetɔwo dome, wotsrɔ̃ le gbedadaƒo ɖe. 9Filistitɔwo, milé dzi ɖe ƒo eye miwɔ ŋutsu. Ne menye nenema o la, míazu Hebritɔwo ƒe kluviwo abe ale si woawo hã wonye míaƒe kluviwo kpɔ ene. Eya ta mitso abe ŋutsuwo ene ne miawɔ aʋa.”
10Ale Filistitɔwo wɔ aʋa la kalẽtɔe eye woɖu Israelviwo dzi; wosí yi wo nɔƒewo. Ame geɖe ŋutɔ tsi aʋa le Israelviwo dome. Wowu asrafo akpe etɔ̃ sɔŋ le Israelviwo dome. 11Woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wowu Eli vi eveawo, Xofni kple Pinehas hã.
Eli ƒe ku
12Gbe ma gbe ke la, ŋutsu aɖe, tso Benyamin-to la me, sí tso aʋagbea dzi kple du gbɔ va Silo. Awu vuvu le eŋu eye ke le tame nɛ. 13Ɣe ma ɣi la, Eli bɔbɔ nɔ zikpui dzi le agbo nu nɔ mɔ dzi kpɔm, esi wòva, elabe Mawu ƒe nubablaɖaka la na meɖe dzi ɖi o. Esi ŋutsua ge ɖe dua me gblɔ nu si dzɔ la, ɣli ɖi le du bliboa me hoo. 14Eli se ɣlia eye wòbia be: “Nya ka dzɔ ɣli le ɖiɖim ale?” Enumake ŋutsua ɖe abla va to nya la nɛ. 15Ɣe ma ɣi la, Eli xɔ ƒe bla asieke vɔ enyi eye eƒe ŋkuwo tsí, ale be megate ŋu le nu kpɔm o. 16Tete ŋutsua gblɔ nɛ be: “Ðe mesí le aʋagbea dzi, le du dzi ʋuu va do egbe.” Eli biae be: “Vinye, nya ka dzɔ?” 17Dɔla la ɖo eŋu be: “Israelviwo sí le Filistitɔwo nu. Wowu ame geɖe le mía dome. Viwò ŋutsuvi eveawo, Xofni kple Pinehas, gɔ̃ hã ku, eye woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la dzoe.” 18Esi ŋutsua nyayɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la Eli se ko la, edze anyi megbemegbee le zikpuia dzi ɖe agboa nu. Etɔ kɔ anyi, ŋe kɔ eye wòku, elabe ame tsitsi wònye eye kpekpe le eŋu. Ekplɔ Israel-dukɔa ƒe bla ene sɔŋ.
Pinehas srɔ̃ ƒe ku
19Le ɣeyiɣi sia me la, fu tsi ɖe Eli toyɔvi, Pinehas srɔ̃, ƒo eye eƒe vidziɣi ɖo. Esi wòse be woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la, eye toa kple srɔ̃a ku la, fua de asi eɖuɖu me enumake, eye wòdzi vi. 20Esi wòle kudɔ ƒom la, nyɔnu siwo xe ɖevia nɛ la gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o; ŋutsuvie nèdzi.” Ke meɖo nyaa ŋu alo wɔ dzesi aɖeke o. 21Ena ŋkɔ ɖevi la be Ikabod hegblɔ be: “Ŋutikɔkɔe dzo le Israel!” elabe woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la dzoe, eye toa kple srɔ̃a ku. 22Egblɔ be: “Ŋutikɔkɔe dzo le Israel elabe woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la.”