Korintotɔwo I, 5

5
Ahasiwɔwɔ le hamea me
1 # Mos V, 22.30. Míele esem godogodo le mia ŋu be mia dometɔ aɖewo le ahasi wɔm. Ahasi si ƒomevi wɔm wole la tɔgbe mele trɔ̃subɔlawo kura gɔ̃ hã dome o. Wobe ame aɖe xɔ eya ŋutɔ tɔ́a srɔ̃! 2Hafi miele dàdam alea! Avi boŋ wòle be mianɔ fafam! Miɖe ame si wɔ nu sia ɖa le mia dome.
3Togbɔ be mele adzɔge tso mia gbɔ abe amegbetɔ ene hã la, mele mia dome le gbɔgbɔ me. Mebu fɔ ame si wɔ nu sia le Aƒetɔ Yesu ŋkɔ me. 4Ne miekpe ta le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkɔ me la, nye gbɔgbɔ anɔ mia dome, 5eye miatsɔ ame sia ƒe ŋutilã ade asi na Satana be wòatsrɔ̃e gbidigbidi, ale be woaxɔ eƒe gbɔgbɔ ya ɖe agbe le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkeke la dzi.
6 # Gal 5.9. Medze be mianɔ adegbe ƒom hafi o. Ɖe mienyae be amɔwɔʋãnu vi aɖe koe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna oa? 7#Mos II, 12.5. Eya ta mitsɔ amɔwɔ ʋaʋã xoxo la ƒu gbe bene miazu amɔwɔ yeye, elabe le nyateƒe me la, amɔwɔ maʋamaʋãe mienye. Wowu Kristo si nye míaƒe Paskalẽvia la. 8#Mos II, 13.7; Mos V, 16.3. Eya ta mina míaɖu ŋkekenyui la, menye kple amɔwɔ ʋaʋã xoxo si nye susu baɖa kple nuvɔ̃ɖi wɔwɔ o, ke boŋ kple amɔwɔ maʋamaʋã si nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nyateƒetoto.
9Le agbalẽ si meŋlɔ na mi kpɔ va yi me la, megblɔ na mi be migade ha kple ame siwo nɔa agbe baɖa o. 10Menye xexe sia me ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, adzodalawo kple trɔ̃subɔlawoe mewɔnɛ o, anye ne ɖeko miado go le xexe sia me. 11Ke nu si ŋlɔm mele na mi lae nye be, ne nɔvi aɖe nye hametɔ gake wògale ahasi wɔm, alo le ŋu biãm alo le trɔ̃ subɔm, alo le dzre hem, alo le aha mum, alo le adzo dam la, migade ha kplii o. Migaɖu nu kplii gɔ̃ hã o.
12 # Mos V, 13.5; 17.7. Ʋɔnudɔdrɔ̃ ame siwo mele hamea me o la metsɔ gbɔnye o. Ɖe menye ame siwo le hamea me lae wòle be miadrɔ̃ ʋɔnui oa? 13Ame siwo mele hamea me o ya la, Mawue drɔ̃a ʋɔnu wo. Mawunya gblɔ be: “Minya ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia dome.”

اکنون انتخاب شده:

Korintotɔwo I, 5: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید