Obadia Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Obadia ƒe agbalẽ nye nyagblɔɖi tso Edom ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋuti. Edom nye dukɔ aɖe si kpe ɖe futɔwo ŋu wogbã Yerusalem ƒe alafa atɔ̃ blaenyi-vɔ-ade do ŋgɔ na Yesu ƒe dzidzi. Yakob kple Esau nye nɔviwo. Israelviwo nye Yakob ƒe dzidzimeviwo eye Edomtɔwo nye Esau ƒe dzidzimeviwo. Nu vɔ̃ si Edom wɔ ɖe nɔvia Israel ŋu la tae wohe to na Edom ɖo. Le esime Edom nakpe ɖe Israel ŋu esi futɔwo dze edzi teƒe la, Edom kpe ɖe futɔwo boŋ ŋu le Yerusalem gbagbã me eye wòkpɔ gome le dua me nuwo haha me.
Emenyawo
Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ Edom (1-14)
Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke si gbɔna (15-21)

اکنون انتخاب شده:

Obadia Ŋgɔdonya: AL

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید