Marko Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Marko nye ɖekakpui aɖe si nye Petro, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka la xɔlɔ̃. Eŋlɔ nu siwo dzi Petro ɖo ŋkue tso Yesu ŋuti nɛ la ɖe agbalẽ sia me. Megblɔ nya aɖeke tso Yesu ƒe ƒome, dzidzi kple ɖevimenɔnɔ ŋu o, eye mete gbe ɖe Yesu ƒe nyagbɔgblɔwo dzi tututu o; ke boŋ ete gbe ɖe dɔ siwo Yesu wɔ la dzi. Eɖe Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo me na wo. Esia fia be eŋlɔ agbalẽ la na ame siwo menye Yudatɔwo o.
Emenyawo
Yesu dze eƒe dɔwɔwɔ gɔme (1:1-13)
Yesu ƒe dɔwɔwɔ le Galilea zi gbãtɔ (1:14–3:6)
Yesu ƒe dɔwɔwɔ le Galilea zi evelia (3:7–7:23)
Yesu ƒe dɔwɔwɔ le Galilea zi etɔ̃lia (7:24–9:50)
Yesu tso Galilea yi Yerusalem (10:1-52)
Yesu ƒe dɔwɔwɔ le Yerusalem, eƒe fukpekpe kple ku (11:1–16:8)
Yesu ƒe tsitretsitsi kple eɖokuiɖeɖe fia (16:9-20)

اکنون انتخاب شده:

Marko Ŋgɔdonya: AL

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید