1
Romatɔwo 7:25
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Akpe na Mawu kakaka to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi! Azɔ la, ale si mele lae nye esi: mewɔa Mawu ƒe se la dzi le ɖokuinye si le dzime, ke mele nuvɔ̃ ƒe se te le nye ŋutilã me.
مقایسه
Romatɔwo 7:25 را جستجو کنید
2
Romatɔwo 7:18
Menya be nu nyui aɖeke mele nye ŋutɔ menye o, le ale si medzɔ abe amegbetɔ ene la ta. Togbɔ be medina vevie be mawɔ nu nyui hã la, nyemete ŋu wɔnɛ o.
Romatɔwo 7:18 را جستجو کنید
3
Romatɔwo 7:19
Nu nyui si medina be mawɔ la, nyemewɔa eya o, ke boŋ nuvɔ̃ɖi, si nyemedina be mawɔ o lae mewɔna.
Romatɔwo 7:19 را جستجو کنید
4
Romatɔwo 7:20
Ne nu si nyemedina be mawɔ o lae mewɔna la, ekema meganye nye ŋutɔe nye ma le nua wɔm o, ke boŋ nuvɔ̃ si le menye lae.
Romatɔwo 7:20 را جستجو کنید
5
Romatɔwo 7:21-22
Ale meke ɖe se sia ŋu le ɖokuinye me be, ne medi be mawɔ nyui la, vɔ̃ boŋ koe mewɔna. Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ɖokuinye me ke.
Romatɔwo 7:21-22 را جستجو کنید
6
Romatɔwo 7:16
Azɔ nenye be nu si nyemedi be mawɔ o lae mewɔna la, ekema melɔ̃ ɖe edzi be se la tɔ dzɔ.
Romatɔwo 7:16 را جستجو کنید