1
Mateo 4:4
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Ke Yesu ɖo eŋu be: “Woŋlɔe ɖe mawunya me be, ‘Amegbetɔ menɔ agbe ɖe nuɖuɖu ko ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe numenya ɖe sia ɖe nu.’ ”
مقایسه
Mateo 4:4 را جستجو کنید
2
Mateo 4:10
Tete Yesu gblɔ nɛ be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana, elabe woŋlɔ ɖi be: ‘Aƒetɔ, wò Mawu la nàde ta agu na, eye eya ɖeka ko nàsubɔ.’ ”
Mateo 4:10 را جستجو کنید
3
Mateo 4:7
Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Woŋlɔ ɖi hã be: ‘Mègate Aƒetɔ, wò Mawu la kpɔ o.’ ”
Mateo 4:7 را جستجو کنید
4
Mateo 4:1-2
Azɔ Gbɔgbɔ la kplɔ Yesu yi gbedadaƒo bene Abosam natee kpɔ. Esi wòtsi nu dɔ ŋkeke bla ene zã bla ene megbe la, dɔ wui.
Mateo 4:1-2 را جستجو کنید
5
Mateo 4:19-20
Yesu gblɔ na wo be: “Miva nɔ yonyeme, eye mawɔ mi miazu amegbetɔɖelawo.” Enumake wogblẽ woƒe asabuawo ɖi, eye wodze eyome.
Mateo 4:19-20 را جستجو کنید
6
Mateo 4:17
Tso esia dzi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be: “Mitrɔ dzime, elabe dziƒofiaɖuɖu la gogo!”
Mateo 4:17 را جستجو کنید