1
Mateo 3:8
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Miwɔ nu si fia be mietrɔ dzime tso miaƒe nuvɔ̃wo me
مقایسه
Mateo 3:8 را جستجو کنید
2
Mateo 3:17
Kasia gbe ɖi tso dziƒo be: “Ame sia nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; mekpɔ ŋudzedze blibo le eŋu.”
Mateo 3:17 را جستجو کنید
3
Mateo 3:16
Esi wole mawutsi na Yesu vɔ, eye wòdo go le tsia me teti ko la, dziƒowo nu ʋu [nɛ], eye wòkpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ le ɖiɖim abe ahɔnɛ ene heva dze ɖe edzi.
Mateo 3:16 را جستجو کنید
4
Mateo 3:11
Nye ya, tsie metsɔ le mawutsi lem na mi bene miatrɔ dzime. Gake ame aɖe le yonyeme gbɔna. Eya la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe kple dzo wòatsɔ ale mawutsi na mi. Eyama tri akɔ wum, eye nye medze be maɖe eƒe afɔkpawo gɔ̃ hã o.
Mateo 3:11 را جستجو کنید
5
Mateo 3:10
Fifi gɔ̃ hã la, wotsɔ fía ɖo atiwo ƒe ke dzi xoxo. Ati sia ati, si metse ku nyui o la, woatsoe, eye woatsɔe ade dzo me.
Mateo 3:10 را جستجو کنید
6
Mateo 3:3
Yohanes sia nye ame si ŋuti woƒo nu le to Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya dzi be: “Ame aɖe le ɣli dom bobobo le gbedadaƒo. Ebe, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ la ɖo. Midzɔ eƒe afɔmɔwo!’ ”
Mateo 3:3 را جستجو کنید