1
Mateo 16:24
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Azɔ Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne ame aɖe di be yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ, netsɔ eƒe atitsoga, eye wòanɔ yonyeme.
مقایسه
Mateo 16:24 را جستجو کنید
2
Mateo 16:18
Azɔ la mele egblɔm na wò be wòe nye kpe eye wò, kpe sia dzi matu nye hame la ɖo. Ku gɔ̃ hã mate ŋu aɖu edzi o.
Mateo 16:18 را جستجو کنید
3
Mateo 16:19
Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo ana wò. Nu sia nu si nàbla le anyigba dzi la anɔ babla le dziƒo, eye nu sia nu si nàtu le anyigba dzi la anɔ tutu le dziƒo.”
Mateo 16:19 را جستجو کنید
4
Mateo 16:25
Elabe ame sia ame si di be yeaɖe ye ŋutɔ yeƒe agbe la, abui; ke ame sia ame si abu eƒe agbe le tanye la, akpɔe.
Mateo 16:25 را جستجو کنید
5
Mateo 16:26
Ne xexeme blibo la zu ame aɖe tɔ, eye wòbu eƒe agbe ɖe, viɖe kae wòkpɔ? Alo nane li, si ame atsɔ aɖɔli eƒe agbea?
Mateo 16:26 را جستجو کنید
6
Mateo 16:15-16
Tete Yesu bia wo be: “Ke miawo ɖe, ame kae menye le mia gbɔ?” Simon Petro ɖo eŋu be: “Wòe nye Kristo la, Mawu gbagbe la Vi.”
Mateo 16:15-16 را جستجو کنید
7
Mateo 16:17
Yesu gblɔ nɛ be: “Mawu yra wò, Simon, Yona vi, elabe menye amegbetɔ aɖekee ɖe esia fia wò o, ke Tɔ́nye si le dziƒowo la boŋ ye.
Mateo 16:17 را جستجو کنید