1
Mateo 15:18-19
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Ke nu siwo doa go tso ame nu la tsoa ame ƒe dzime, eye woawoe ƒoa ɖi ame. Elabe ame ƒe dzimee susu vɔ̃ɖi, amewuwu, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsoɖaseɖiɖi, nya vɔ̃ gbɔgblɔ ɖe ame ŋu doa go tsona.
مقایسه
Mateo 15:18-19 را جستجو کنید
2
Mateo 15:11
Menye nu si yina ɖe ame ƒe nu me lae ƒoa ɖi ame o, ke boŋ nu si doa go tso ame nu lae ƒoa ɖi ame.”
Mateo 15:11 را جستجو کنید
3
Mateo 15:8-9
‘Dukɔ sia le subɔnyem kple numenya viviwo ko, ke woƒe dzi ya te ɖa xaa tso gbɔnye. Wole subɔnyem dzodzro, elabe wole amegbetɔwo ƒe sededewo kofiam ɖe Mawu tɔ teƒe.’ ”
Mateo 15:8-9 را جستجو کنید
4
Mateo 15:28
Esi Yesu see la, egblɔ nɛ be: “Oo, aƒenɔ, wò xɔse tri akɔ loo! Nu si dim nèle la, neva eme na wò.” Via nyɔnuvi la ƒe lã me sẽ enumake.
Mateo 15:28 را جستجو کنید
5
Mateo 15:25-27
Ke nyɔnua va dze klo ɖe eƒe afɔnu gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, kpe ɖe ŋunye!” Yesu gblɔ nɛ be: “Menyo be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe na avuviwo o.” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Nyateƒee, Aƒetɔ, ele nenema baa, gake avuviwo hã ɖua abolo wuwlui, siwo duduna ɖe anyi tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi ɖe.”
Mateo 15:25-27 را جستجو کنید