Miyi ɖe towo dzi ne miatsɔ atiwo vɛ ava tu xɔ lae, ne wòadze ŋunye, eye mado kple nye bubu. Aƒetɔ lae gblɔe. Miekpɔ mɔ na nu geɖe, kpɔ ɖa, nu sue aɖe koe su mia si. Esi mietsɔe va aƒee la, meɖo ƒuƒu ɖee. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la bia be nu ka tae? Esi nye xɔ zu glikpo li, gake mia dometɔ ɖe sia ɖe tsi dzi ɖe etɔ ya ŋu la tae.